bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Peter 1
1 Peter 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 2 →
1
Agbalẽ sia tso nye Petro, Yesu Kristo ƒe amedɔdɔ gbɔ. Mele eŋlɔm ɖo ɖe mi, Mawu ƒe ame tiatia siwo kaka yi ɖe Ponto, Galatia, Kapadokia, Asia kple Bitinia nutowo me la.
2
Ɖe wotia mi abe ale si Mawu Tɔ́ la ŋutɔ ɖoe ɖi la ene, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kɔ mia ŋu miezu kɔkɔe be miava aɖo to Yesu Kristo, eye wòatsɔ eƒe ʋu la aklɔ mia ŋuti. Mawu neve mia nu, eye nena ŋutifafa nasɔ gbɔ ɖe edzi na mi ɖaa.
3
Mina míakafu Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Tɔ́ la! Ekpɔ nublanui na mí ale gbegbe be wogbugbɔ mí dzi, le esime wòfɔ Yesu Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. Esia na be mɔkpɔkpɔ si le mía si la le tè.
4
Nu si míele mɔ kpɔm na la nye domenyinu si megblẽna o, meƒoa ɖi o, meklona hã o, eye wodzrae ɖo ɖi na mi ɖe dziƒo.
5
Mi ame siwo xɔ edzi se, eye wotsɔ Mawu ƒe ŋusẽ dzra mi ɖo, be woava xɔ mi ɖe agbe le ŋkeke mamlɛtɔ dzi la tɔe nye domenyinu sia.
6
Mikpɔ dzidzɔ le nya sia ŋuti, togbɔ be miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ la teƒe madidi o hã, elabe miele fu kpe ge le dodokpɔ vovovowo me,
7
ale be woakpɔ ɖa be xɔse akuakua le mia si mahã. Ale si wodoa sika si gblẽna kpɔ le dzo me la, nenemae wole miaƒe xɔse si xɔ asi wu sika gɔ̃ hã do ge akpɔ le dzo me, akpɔ ɖa be anɔ anyi ɖaa mahã. Ale be woate ŋu akafu mi, ado mi ɖe dzi ahatsɔ bubu na mi, ne Yesu Kristo va do gbe ma gbe.
8
Togbɔ be miekpɔe o hã la, mielɔ̃e; esi miele ekpɔm fifia o hã la, miexɔ eyama dzi se, eye miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ wu gbɔgblɔ.
9
Ale si miexɔ edzi see la na be woxɔ miaƒe luʋɔwo ɖe agbe.
10
Mawu ƒe gbeƒãɖela siwo ɖe gbeƒã le ale si Mawu le mia nu ve ge ŋu la, kù nu gɔme eye wobia nya se tsitotsito le ale si Mawu le mia xɔ ge ɖe agbe ŋu.
11
Esime wonɔ gbeƒã ɖem ale si Kristo le fu kpe ge kple ŋutikɔkɔe si kpɔ ge wòala emegbe la, wobia nya tso ame si dzi Kristo ƒe Gbɔgbɔ si le wo me la tɔ asii kple ɣeyiɣi si wowɔnɛ la ŋu.
12
Mawu ɖee fia eƒe gbeƒãɖelawo, be menye woawo ŋutɔ ɖokui subɔm wole o, ke boŋ miawoe. Woƒo nu tso nu siwo ame siwo le gbeƒã ɖem Nyanyui la na mi fifia to Gbɔgbɔ Kɔkɔe, si woɖo ɖa tso dziƒo dzi la ŋu. Mawudɔlawo gɔ̃ hã di xoxo be yewoanya nu le nu siawo ŋuti hafi.
13
Eya ta minɔ ŋudzɔ, eye milé mia ɖokui nyuie. Minɔ mɔ kpɔm vevie na ale si Mawu le mia nu ve gee, ne Yesu Kristo do la.
14
Abe vi ɖotowo ene la, migana nudzroame siwo ɖu mia dzi tsã le numanyamanya me la, nagakpɔ ŋusẽ ɖe mia dzi fifia hã o.
15
Ame si yɔ mi vɛ la ɖe wòle kɔkɔe, eya ta ele na miawo hã be mianɔ kɔkɔe le miaƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me.
16
Elabe woŋlɔ ɖe mawunya me be: “Minɔ kɔkɔe, elabe nye la, ɖe mele kɔkɔe.”
17
Ne mieyɔa Mawu, ame si mekpɔa ame ŋkume o, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe na ame sia ame le ale si wònɔ agbe nu la be Tɔ́, ne miele gbe dom ɖa nɛ la, ekema ele na mi be miavɔ̃e le miaƒe nuwɔna me, esime miele dzronyigba dzi.
18
Mienya be menye klosalo alo sika si gblẽna lae wona ɖe mia ta, hexɔ mi tso agbenɔnɔ maɖevi si mia tɔgbuiwo fia mi la si me o.
19
Kristo ƒe ʋu xɔasi lae! Ʋu sia le abe alẽvi si de blibo, eye wòsɔ keŋ la tɔ ene.
20
Mawu tiae da ɖi hafi woɖo xexea me gɔme anyi, eye wòɖee fia le ŋkeke mamlɛtɔ siawo me le mia ta.
21
To eyama dzi la, mieva xɔ Mawu, ame si fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòna bubunɔƒee la dzi se azɔ. Ale mieva xɔ Mawu dzi se hele mɔ kpɔm nɛ.
22
Azɔ esi mieɖo to nyateƒe la, heto eme kɔ mia ɖokui ŋu be yewoalɔ̃ yewo nɔewo le nyateƒe me ta la, ele be mialɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzime ke.
23
Ɖe wogbugbɔ mi dzi. Menye amegbetɔ si kuna lae gbugbɔ mi dzi o, ke boŋ ame si mekuna gbeɖe o lae dzi mi to Mawu ƒe nya gbagbe, si li ɖaa la me.
24
Elabe mawunya gblɔ be: “Amegbetɔwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃ɖoɖo katã le abe gbe ƒe seƒoƒo ene. Gbe yrɔna, eye eƒe seƒoƒo duduna,
25
ke Aƒetɔ la ƒe nya la li ɖaa.” Nya siae nye Nyanyui si woɖe gbeƒãe na mi.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5