bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Peter 4
1 Peter 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 5 →
1
Eya ta esi Kristo kpe fu abe amegbetɔ ene ta la, miawo hã miɖo tame abe eyama ene, ne miatsɔ ado ŋusẽ mia ɖokuii, elabe ame sia ame si kpe fu abe amegbetɔ ene la, megawɔa nuvɔ̃ o.
2
Ale tso fifia heyina la, minɔ agbe ɖe Mawu ƒe didi nu, ke menye ɖe nu si dzroa amegbetɔ la nu o.
3
Ɣeyiɣi siwo me mieto nɔ agbe hewɔ nu siwo trɔ̃subɔlawo wɔna la didi. Nu siwo ƒe agbe mienɔ va yi la woe nye: hadzedze, wɔwɔ ɖe nuvɔ̃ɖi siwo dzroa ame la nu, ahamumu, nu tsu ɖuɖu, aglotutu kple trɔ̃subɔsubɔ si mele se aɖeke nu o.
4
Azɔ ewɔ nuku na wo be miegale zɔzɔm kpli wo hele yakagbe nɔm ŋɔdzitɔe o, eya ta wole mia dzum.
5
Ke woava ɖe wo ɖokui nu na Mawu, ame si le klalo le ʋɔnu drɔ̃ ge ame gbagbewo kple ame kukuwo siaa la.
6
Esia ta gɔ̃ wogblɔ Nyanyui la na ame kukuwo hã ɖo, ale be togbɔ be woadrɔ̃ ʋɔnu wo le amegbetɔwo gome abe amegbetɔ ɖe sia ɖe ene hã la, le gbɔgbɔ gome la, woanɔ agbe abe Mawu ene.
7
Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ, eya ta minɔ ŋudzɔ eye milé mia ɖokui nyuie be miate ŋu ado gbe ɖa.
8
Ke nu si le vevie wu wo katã lae nye be mialɔ̃ mia nɔewo vevie, elabe lɔlɔ̃ tsyɔa nuvɔ̃ geɖe siwo ame wɔna la dzi.
9
Ne mia dometɔ aɖe dze nɔvia gbɔ abe amedzro ene la, nexɔe liʋiliʋĩlilĩ manɔmee.
10
Mia dome ame sia ame xɔ nunana tɔxɛ aɖe tso Mawu gbɔ. Abe nudzikpɔla nyui, siwo le nunana ƒomevi vovovowo dzi kpɔm na Mawu ene la, miwɔ nunana siawo ŋudɔ bene woaɖe vi na mia nɔewo.
11
Ne ame aɖe le mawunya gblɔm la, negblɔe abe ame si Mawu de gbe asi na be wòagblɔ na amewo ene. Ne ame aɖe le subɔsubɔdɔ wɔm la, netsɔ ŋusẽ si Mawu tsɔ nɛ la wɔe, ale be le nuwo katã me la, woakafu Mawu to Yesu Kristo dzii. Eyama tɔe nye bubu kple ŋusẽ tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.
12
Nye lɔlɔ̃tɔwo, ale si wole mia dom kpɔ, eye miele fu kpem hele veve sem helihelĩi la, megawɔ mo yaa na mi abe nya aɖe, si miele mɔ kpɔm na kura o lae va dzɔ ɖe mia dzi ene o.
13
Ɖe esia teƒe la, mikpɔ dzidzɔ be yewo hã yewole fu kpem abe Kristo ene, ale be ne edo le ŋutikɔkɔe me la, miawo hã miate ŋu akpɔ dzidzɔ ahatso aseye.
14
Ne amewo dzu mi, esi mienye Kristo yomedzelawo ta la, mikpɔ dzidzɔ, elabe ŋutikɔkɔe ƒe gbɔgbɔ kple Mawu ƒe gbɔgbɔ le mia dzi.
15
Ke mia dome ame aɖeke megakpe fu abe amewula, fiafitɔ, nu gbegblẽ wɔla alo ame si dea nu nya si metsɔ egbɔ o la me ene o.
16
Evɔ la, ne mia dometɔ aɖe kpe fu, esi wònye Kristotɔ ta la, megakpe ŋu nɛ o, ke boŋ nekafu Mawu be Kristo ŋkɔ le ye ŋu.
17
Ɣeyiɣi la de azɔ be woadze ʋɔnudɔdrɔ̃ gɔme, eye Mawu ƒe aƒemetɔwo dzie wole egɔme dze ge atsoe. Ne wodze egɔme tso mía dzi la, ale kee wòava nɔ na ame siwo mexɔ Mawu ƒe Nyanyui la dzi se o?
18
Mawunya gblɔ be, “Ne ele ale, be bebli, hafi woaxɔ nu dzɔdzɔe wɔla ɖe agbe ɖe, ke ale ke wòanɔ na ame mavɔ̃mawu kple nuvɔ̃wɔla?”
19
Eya ta ame siwo kpea fu, abe ale si Mawu di ene la, newɔ nu dzɔdzɔe, eye wonetsɔ woƒe luʋɔ de asi na wo Wɔla, ame si wɔa nuteƒe la.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5