bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Peter 5
1 Peter 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
1
Azɔ la, nye, ame si ŋutɔ hã nye hamemegã la, medi be maxlɔ̃ nu hamemegã siwo le mia dome. Nye ŋutɔ mekpɔ ale si Kristo kpe fui la teƒe, eye ne woɖee fia la, mele gome kpɔ ge le eƒe ŋutikɔkɔe la hã me. Nyee le nu xlɔ̃m mi be:
2
Milé be na Mawu ƒe alẽha si wode mia si be miakpɔ edzi la. Menye kple dzizizi o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa, abe ale si Mawu di tso mia si la ene. Migawɔ dɔ sia be yewoakpɔ viɖe si medze o la tso eme o, ke mikɔ dzime wɔe faa.
3
Migawɔ nu abe amegã ɖum miele ɖe ame siwo wotsɔ de mia si la dzi ene o, ke boŋ minye kpɔɖeŋu na alẽha la.
4
Ale ne Alẽkplɔlagã la do la, miaxɔ fiakuku vavã si megblẽna o la.
5
Nenema ke mi ɖekakpuiwo hã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe hamemegãwo te. Mi katã mibɔbɔ mia ɖokui na mia nɔewo, le miaƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me kple mia nɔewo, elabe mawunya gblɔ be: “Mawu tsia tsitre ɖe dàdalawo ŋu, ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la nu.”
6
Eya ta mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe ŋusẽsi la te, bene wòado mi ɖe dzi le ɣeyiɣi si wòɖo ɖi la me.
7
Mitsɔ nu siwo katã le fu ɖem na miaƒe susu la da ɖe Mawu dzi, elabe eyae léa be na mi.
8
Milé mia ɖokui nyuie; minɔ ŋudzɔ! Miaƒe futɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata si le gbe ɖem, eye wòle ame dim be yeavuvu ami la ene.
9
Mitsɔ xɔse tsi tre ɖe eŋu sesĩe, esi mienyae be mia nɔvi xɔsetɔ siwo le xexea me godoo la hã le fukpekpe mawo ke me tom la ta.
10
Ke ne miekpe fu le ɣeyiɣi kpui aɖe me megbe vɔ la, Mawu, ame si ƒe amenuveve seɖoƒe meli na o; ame si yɔ mi be miava kpɔ gome le ŋutikɔkɔe mavɔ si le ɖekawɔwɔ kple Kristo me la me la, ŋutɔ agbugbɔ mi atu tsitre, ana miali ke zã, ado ŋusẽ mi eye wòaɖo mia gɔme anyi.
11
Eya tɔ nanye ŋusẽ tso mavɔ me yi mavɔ me! Amen.
12
Meŋlɔ nya ʋɛ siawo to Silvano dzi ɖo ɖe mi. Mebunɛ nɔvi nuteƒewɔlae. Medi be mado ŋusẽ mi kple nu si teƒe nye ŋutɔ mekpɔ la be Mawu ƒe amenuveve vavã lae nye esia. Milé eme ɖe asi sesĩe.
13
Babilonia-hame si Mawu tia la hã do gbe na mi nyuie. Nenema ke vinye Marko hã do gbe na mi.
14
Mido gbe na mia nɔewo, eye mia dome ame sia ame nana asi nɔvia lɔlɔ̃tɔe. Ŋutifafa nenɔ kple mi ame siwo katã le hadede me kple Kristo la.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
All chapters:
1
2
3
4
5