bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Colossians 1
Colossians 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 2 →
1
Agbalẽ sia tso nye Paulo, ame si va zu Kristo Yesu ƒe amedɔdɔ le Mawu ƒe didi nu la gbɔ. Nye kple Timoteo ye le eŋlɔm na mi.
2
Míele eŋlɔm na mi, mía nɔvi, siwo le Kolose, siwo ŋu wokɔ eye mienye hametɔ nuteƒewɔla, siwo wɔ ɖeka kple Kristo la. Mawu, mía Tɔ́ neve mia nu eye wòana ŋutifafa mi.
3
Ne míele gbe dom ɖa ɖe mia ta la, míedaa akpe na Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Tɔ́ ɣe sia ɣi,
4
elabe míese be miexɔ Kristo Yesu dzi se, eye mielɔ̃a hametɔwo katã nyuie.
5
Wodzra nu si miele mɔ kpɔm na la ɖo ɖi na mi ɖe dziƒo. Miese mɔkpɔkpɔ sia ŋu nya xoxo esime wogblɔ nyateƒenya, si nye Nyanyui la na mi.
6
Nyanyui sia le tsitsim ɖe edzi hele ku tsem le xexea me godoo, abe ale si wòle ŋgɔ yim le miawo hã mia dome, tso keke gbe si gbe ke miese ale si Mawu vea ame nui, eye miese egɔme tututu la ene.
7
Epafra ye nye ame si fia nu mi. Enye míaƒe hadɔwɔla lɔlɔ̃tɔ, ame si wɔ Kristo ƒe dɔ nyateƒetɔe ɖe tenyeƒe.
8
Eyae va gblɔ lɔlɔ̃ si Mawu ƒe Gbɔgbɔ la tsɔ de mia me la, ƒe nya na mí.
9
Ale tso gbe si gbe míese mia ŋkɔ ko la, gbe ko dom miele ɖa ɖe mia ta ɣe sia ɣi. Míeɖea kuku na Mawu be wòana miadze si eƒe lɔlɔ̃nu, eye miaŋɔ ɖe nunya kple gɔmesese, si eƒe Gbɔgbɔ la nana la me bliboe,
10
be miate ŋu anɔ agbe si adze na Aƒetɔ la, eye miadze eŋu. Ekema miawɔ nu nyui ɖeɖe ko, eye miagase Mawu gɔme ɖe edzi wu.
11
Mawu netsɔ eƒe ŋusẽ triakɔ la lé mi ɖe te sesĩe, be miate ŋu ado dzi ahagbɔ dzi ɖi.
12
Mitsɔ dzidzɔ da akpe na Tɔ́ la ɣe sia ɣi, elabe eyae wɔe be míedze, be mí kple ame siwo ŋu wokɔ la, míanyi dome le kekeli me.
13
Mawue xɔ mí tso viviti ƒe dziɖuɖu te, eye wòtsɔ mí ɖo Via lɔlɔ̃a ƒe fiaɖuƒe me.
14
Via sia me wòto na ablɔɖe mí, eye wòtsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí.
15
Mawu Vi lae nye Mawu si womekpɔna kple ŋku o la ƒe dzedzeme. Edzɔ hafi nuwɔwɔ bubuwo katã va dzɔ.
16
Elabe eya me woto wɔ nuwo katã: eɖanye dziƒonuwo alo anyigbadzinuwo o; eɖanye nu si wokpɔna kple ŋku alo esi womekpɔna kple ŋku o; eɖanye gbɔgbɔmeŋusẽwo o; eɖanye fiawo loo, alo dziɖulawo loo, alo ŋusẽtɔwo o. Mawu Vi la dzi woto wɔ wo katã tim, eye eyae wowɔ wo na.
17
Mawu Vi la li hafi nu sia nu va dzɔ, eye eya dzi nu sia nu to le ɖoɖo nu pɛpɛpɛ.
18
Eyae nye ta na hame la, eye hame la nye eƒe ŋutilã. Hame la dzɔ tso eyama me, eye Vi lae nye ame gbãtɔ, si tsi tsitre tso ku me, ale be wòado ŋgɔ le nu sia nu me.
19
Edze Mawu ŋu be nɔnɔme si tututu le ye si la, nanɔ ye Vi la hã si.
20
Egadze eŋu be yeagawɔ ɖeka kple xexeme blibo la katã, eɖanye nu siwo le anyigba dzi alo nu siwo le dziƒo o. Vi la ƒe ʋu si kɔ ɖi le atitsoga ŋu lae he ŋutifafa sia vɛ.
21
Tsã la, masɔmasɔ nɔ mi kple Mawu dome, eye mielé fui le susu me henɔ nuvɔ̃ɖiwo wɔm.
22
Ke azɔ la, Mawu gaxɔ mi atuu to ŋutilãmeku si Via ku la me. Ku sia mee Via to gbugbɔ mi ɖo Mawu ŋkume, abe ame siwo ŋuti wokɔ, siwo ŋu fɔbubu aɖeke mele o, eye wole dzadzɛ la ene.
23
Ele vevie kokoko be mialé nu si dzi miexɔ se la me ɖe asi. Minɔ te sesĩe eye mili ke. Migaɖe miaƒe susu ɖa le mɔkpɔkpɔ si Nyanyui la he vɛ na mi la ŋu o. Nyanyui siae woɖe gbeƒãe na nuwɔwɔ siwo katã le xexea me, eye eya ƒe subɔlae nye, Paulo hã meva zu.
24
Fifia la, enye dzidzɔ nam be makpe fu ɖe mia ta. Mele fu kpem le nye ŋutilã me, be mawu fu siwo susɔ Kristo nakpe, ɖe eƒe ŋutilã, si nye hame la ta la, nu.
25
Mawu ɖom be mazu miaƒe subɔla, ale be maɖe gbeƒã eƒe nya la, be amewo nanya mawunya la nyuie wòade go.
26
Nya sia nye nya ɣaɣla tso keke blema ke, eye dzidzime aɖeke menyae tsã o, ke azɔ la, Mawu ɖee fia ame siwo xɔ edzi se la.
27
Mawu lɔ̃ be yeaɖe nya ɣaɣla sia ƒe asixɔxɔ kple eƒe ŋutikɔkɔe na dukɔwo katã afia ame siwo xɔ edzi se la. Nya ɣaɣla lae nye: Kristo le mia me, eya ta ŋutikɔkɔe gã ŋutɔ li na mi.
28
Nenem Kristo siae míele gbeƒã ɖemee, eye míetsɔ míaƒe nunya katã le nu xlɔ̃m ame sia ame, hele nu fiam wo, ale be míava atsɔ wo dome ame sia ame aɖo Mawu ŋkume, abe ame siwo wɔ ɖeka kple Kristo eye wotsi de blibo la ene.
29
Esia ƒe kutri kum mele hele ʋiʋlim kple ŋusẽ siwo katã Mawu dea menye la.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4