bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Colossians 3
Colossians 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 4 →
1
Esi wònye ɖe wofɔ mi ɖe tsitre kple Kristo ta la, miti nu siwo le dziƒo, afi si Kristo ŋutɔ bɔbɔ nɔ Mawu ƒe ɖusime le la, yome.
2
Miaƒe susu nenɔ dziƒonuwo ŋu, ke menye anyigbadzinuwo ŋu o,
3
elabe esi mieku la, wotsɔ miaƒe agbe de Kristo tɔ me heɣla ɖe Mawu me.
4
Ne Kristo, ame si nye míaƒe agbe la do la, ekema miawo hã miado kplii le ŋutikɔkɔe me.
5
Eya ta miwu anyigbadzinu siwo le mia me la. Esiawoe nye: ahasiwɔwɔ, nu makɔmakɔ wɔwɔ, nudzroame vɔ̃wo, fieŋufieŋu kple ŋubiabiã. Le nyateƒe me la ŋubiabiã la, trɔ̃subɔsubɔe.
6
Nu siawoe ahe Mawu ƒe dziku ava tosẽlawo dzii.
7
Le agbe si mienɔ tsã me la, miawo hã miewɔa nu siawo.
8
Ke azɔ la, miɖe asi le nu siawo katã ŋu: dziku, dɔmedzoe, vɔ̃ediname, busunyagbɔgblɔ kple nya ƒoɖi gbɔgblɔ.
9
Esi mieɖe miaƒe dzɔdzɔme xoxo la kple eƒe nuwɔnawo da ɖi vɔ la, migaka aʋatso na mia nɔewo azɔ o.
10
Mitsɔ nɔnɔme yeye la do. Mawu gbugbɔ nɔnɔme sia le wɔwɔm yeyee ɣe sia ɣi, ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme me, be wòadze si ye.
11
Le go sia me ya la, vovototo aɖeke megale Helatɔ kple Yudatɔ, ame si wotso aʋa na kple ame si wometsoe na o, fiafiala, gbetometɔ, kluvi kple ablɔɖevi dome o. Ɖeka ko wo katã wole le Kristo me, eye Kristo le wo katã hã me.
12
Esi miezu Mawu ƒe ame tiatiawo, kɔkɔetɔwo kple lɔlɔ̃tɔwo ta la, mitsɔ nɔnɔme siwo sɔ ɖe eŋu la do. Esiawoe nye: veveseseɖeameti, dɔmenyo, ɖokuibɔbɔ, tufafa kple dzigbɔgbɔ blewuu.
13
Migbɔ dzi ɖi na mia nɔewo. Ne ame aɖe da vo ɖe mia ŋu la, mitsɔe kee, abe ale si Aƒetɔ la hã tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ke mi la ene.
14
Gawu la, lɔlɔ̃ nexɔ aƒe ɖe mia me, elabe eyae blaa nuwo katã ɖekae wòdea blibo.
15
Kristo ƒe ŋutifafa la neɖu dzi le miaƒe dziwo me, elabe eya ŋutie woyɔ mi va ƒo ƒui, abe hame ɖeka ene ɖo. Minye akpedalawo.
16
Kristo ƒe Nyanyui la nexɔ aƒe ɖe mia me blibo. Mifia nu, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple nunya geɖe. Mitsɔ Psalmowo, hadzidziwo kple gbɔgbɔmehawo da akpe na Mawu le miaƒe dziwo me.
17
Mina nu sia nu si miagblɔ alo awɔ la, nanɔ Aƒetɔ Yesu ŋkɔ me, eye mida akpe na Mawu Tɔ́ la, to eyama dzi.
18
Mi srɔ̃nyɔnuwo, mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo, abe ale si wòdze le Kristotɔwo dome la ene.
19
Nenema ke mi srɔ̃ŋutsuwo hã, milɔ̃ mia srɔ̃wo eye migawɔ dɔmevevi le wo ŋu o.
20
Ɖeviwo, miɖo to mia dzilawo le nuwo katã me, elabe esiae dzea Aƒetɔ la ŋu.
21
Tɔ́wo, migado dziku na mia viwo, ne dzi naɖe le wo ƒo o.
22
Dɔlawo, miɖo to ame siwo nye miaƒe aƒetɔwo le xexea me la, le nu sia nu me. Migawɔ ame ŋkume nu be yewoadze ame ŋu o, ke boŋ misubɔ wo nyateƒetɔe abe mawuvɔ̃lawo ene.
23
Dɔ sia dɔ si wɔm miele la, miwɔe kple dzi faa. Miwɔe abe Aƒetɔ lae miele ewɔm na, eye menye na amegbetɔwo o ene.
24
Minyae be miele domenyinu la xɔ ge, abe miaƒe fetu ene, elabe Aƒetɔ Kristo la ŋutɔ subɔm miele.
25
Woaxe fe na nu gbegblẽ wɔla hã ɖe eƒe nuwɔna nu. Ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke mele eme o.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4