bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Colossians 4
Colossians 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
1
Mi aƒetɔwo hã, esi mienyae be Aƒetɔ le miawo hã mia si le dziƒo ta la, miwɔ nu si dzɔ eye wòle eteƒe la na miaƒe dɔlawo.
2
Minɔ gbedodoɖa dzi ɖaa. Ne miele gbe dom ɖa la, miaƒe susu nenɔ te eye mida akpe na Mawu ɣe sia ɣi.
3
Mido gbe ɖa ɖe míawo hã mía ta, bene Mawu naɖe mɔ na mí, ne míaɖe gbeƒã Kristo ƒe nya ɣaɣla la, esi ta mele ga me gɔ̃ hã ɖo.
4
Mido gbe ɖa be mate ŋu aɖe nya ɣaɣla sia afia, eme nakɔ, abe ale si wòdze be mawɔe la ene.
5
Mizɔ kple ame siwo mele hamea me o la nunyatɔe, eye miwɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋuti dɔ nyuie.
6
Miƒo nu bubutɔe, be wòanyase na to ɣe sia ɣi, ne mianya ale si wòdze be miaɖo nya ŋui na ame sia ame.
7
Tixiko, nɔvinye lɔlɔ̃tɔ, ame si nye subɔla anukwaretɔ kple nye hadɔwɔla le Aƒetɔ ƒe dɔ la me la, agblɔ nu siwo katã le dzɔdzɔm ɖe dzinye fifia la na mi.
8
Esia ta koŋ mele eɖom ɖe mi, bene miase mía gbɔnya ɖe sia ɖe, eye wòade dzi ƒo na mi.
9
Onesimo, mía nɔvi anukwaretɔ lɔlɔ̃tɔ, ame si nye mia dometɔ ɖeka la hã kpe ɖe eŋuti gbɔna. Woagblɔ afii nyawo katã na mi.
10
Aristarxo, ame si le gaxɔ me kplim la do gbe na mi. Nenema kee nye Marko, Barnaba nɔvi la hã. Wogblɔ nu si miawɔ nɛ la na mi xoxo, eya ta ne eva ɖo mia gbɔ la, mixɔe atuu.
11
Yesu Yusto hã do gbe na mi. Woawo koe nye Yudatɔ siwo trɔ zu Kristotɔwo, eye wole dɔ wɔm kplim hena mawufiaɖuƒe la. Ame siawoe faa akɔ nam.
12
Epafra, Kristo ƒe dɔla, si tso miawo ŋutɔ mia dome la hã do gbe na mi. Ele gbedodoɖa dzi ɖe mia ta vevie, bene mianɔ te sesĩe eye miade blibo awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le nu sia nu me.
13
Mate ŋu aɖi ɖase le eŋu be ele dɔ dzi madzudzɔmadzudzɔe le miawo, Laodikeatɔwo kple Hierapolistɔwo ta.
14
Luka, atikewɔla lɔlɔ̃tɔ la kple Demas, wodo gbe na mi.
15
Mido gbe na nɔvi siwo le Laodikea la nam. Nenema ke mido gbe na Mimfa kple hame si kpea ta le eƒeme la hã nam.
16
Ne miexlẽ agbalẽ sia vɔ la, miɖoe ɖe hame si le Laodikea la hã be woawo hã naxlẽ. Nenema ke miawo hã mixlẽ Laodikeatɔwo tɔ la hã.
17
Mlɔeba la, migblɔ na Arxipo be nelé be na Aƒetɔ la ƒe subɔsubɔdɔ, si wotsɔ de asi nɛ la, bene wòawɔe ade goe.
18
Gbedoname sia ya la, nye Paulo ŋutɔe tsɔ nye asi le eŋlɔmee. Miɖo ŋku edzi be megale gaxɔ me ko. Mawu neve mia nu.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
All chapters:
1
2
3
4