bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Habakkuk 1
Habakkuk 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 2 →
1
Gbedeasi sia nye nya si Mawu ɖe fia eƒe gbeƒãɖela Xabakuk.
2
O Aƒetɔ, va se ɖe ɣe ka ɣi mado ɣli ayɔ wò be nàkpe ɖe ŋunye, màsee o? Va se ɖe ɣe ka ɣi manɔ ɣli dom le ŋutasesẽ ta, eye màxɔ na ame o?
3
Nu ka ta nèna mele nu gbegblẽ wɔwɔ kple xaxa teƒe kpɔm? Amewo le nuwo gblẽm, le ŋuta sẽm mele kpɔkpɔm. Wole avuwɔwɔ kple dzrewɔwɔ dzi le afi sia afi.
4
Womegaléa fɔ ɖe sea dzi wɔwɔ ŋu o, eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ megadzena kura o. Ame vɔ̃ɖi te ame dzɔdzɔewo ɖe to, ale wotrɔ gbo nu dzɔdzɔe wɔwɔ.
5
Tete Aƒetɔ gblɔ na eƒe dukɔ la be: Miawo mida ŋku ɖi mianɔ dukɔ siwo ƒo xlã mi la kpɔm. Nu siwo miava kpɔ la, ana miaƒe nu aku. Mele nane wɔ ge le mia ŋɔli, eye ne wogblɔe na mi la, miaxɔe ase o.
6
Kpɔ ɖa, manyɔ Kaldeatɔwo woagakpɔ ŋusẽ aɖu dzi. Wonye ame siwo wɔa adã; womedzea kɔ anyi o. Wole zɔzɔm to anyigbawo dzi, eye wole du siwo menye wo tɔ o la xɔm gbɔna.
7
Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ le wo ŋu. Se aɖeke mele wo si o; nu si woɖo la, eyae wowɔna.
8
Woƒe sɔwo ƒua du wu lãkle, eye wowɔa adã wu amegãxi dɔwui le fiẽ me. Woƒe sɔdolawo tso didiƒe ke gbɔna, eye woƒe sɔwo le zi nyem. Wole dzodzom abe hɔ̃ si le adzɔge ʋĩi be yeaƒo nu ene.
9
Woƒe aʋakɔwo gbɔna kple ŋutasesẽ, eye wozɔ ɖo ta ŋgɔ tẽe, wole ƒu ƒom woƒe aboyomewo abe ke ene.
10
Woɖea alɔ me le fiawo ŋu, eye wotsɔa woƒe dziɖulawo wɔa fefenui. Mɔ́ ɖe sia ɖe ɖia kokoe na wo, elabe woƒoa kpo ɖe eŋu xɔnɛ.
11
Emegbe wohona dzona abe ya ene. Woƒe ŋusẽe nye woƒe mawu.
12
Aƒetɔ, ɖe menye wòe nye nye Mawu, Kɔkɔetɔ la, si li tegbee tso gbe aɖe gbe ke oa? Aƒetɔ, míaƒe Xɔnametɔ, wò ŋutɔe tia wo be woadrɔ̃ ʋɔnu eye woahe to na amewo.
13
Ke ale ke wɔ nàdo dzi anɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ kpɔm? Evɔ la, wò ŋkuwo le kɔkɔe; mele be woanɔ nu tovo wɔwɔ kpɔm hafi o. Nu ka ta nàzi kpi, esime ame vɔ̃ɖi le ame si le dzɔdzɔe wui la tsrɔ̃m?
14
Èna amegbetɔ zu abe ƒumelã alo nutata, si nu aƒetɔ mele o la ene.
15
Eɖea wo katã kple ƒè abe tɔmelã ene. Eɖea wo kple ɖɔ hena vaa gotae, eye wòkpɔa dzidzɔ tsoa aseye.
16
Esaa vɔ na eƒe ɖɔ, eye wòtɔa dzo lifi na ɖɔ la ƒe aguɖɔe elabe ɖɔawo naa dzidzemee, eye eƒe nuɖuɖu da ami.
17
Ðe wòanɔ eƒe ɖɔkaka dzi ɣe sia ɣi anɔ dukɔwo tsrɔ̃m tegbee nublanuimakpɔtɔea?
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3