bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Habakkuk 3
Habakkuk 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
1
Gbe si Mawu ƒe gbeƒãɖela Xabakuk do ɖa lae nye esi: Woadzii abe konyifaha ene.
2
O Aƒetɔ, esi mese nu si nèwɔ la, vɔvɔ̃ ɖom! Nu siwo nèwɔna tsã la, gawɔ wo le mía ŋɔli hã. Ne èdo dɔmedzoe hã, ɖo ŋui nàkpɔ nublanui na wò amewo.
3
Mawu tso Teman gbɔna. Kɔkɔetɔ la ɖi tso Paran-towo dzi gbɔna. Eƒe ŋutikɔkɔe xɔ dziƒo katã kpe ɖo; wole ekafum le afi sia afi le anyigba dzi.
4
Eƒe keklẽ le abe kekeli ene, eye wòle dodom tso eƒe asi me abe ɣetotoe ene; eƒe ŋusẽ bè ɖe afi ma.
5
Dɔ vɔ̃ dze eŋgɔ, eye dzikedzo kplɔe ɖo.
6
Etɔ, eye anyigba ʋuʋu. Eda ŋku ɖi, kpɔ nu; dzidzi ƒo dukɔwo. To siwo li tso blema ke la fe kplà; togbɛ siwo li tso gbe aɖe gbe ke hã ŋe dze eme ʋlì. Evɔ wònye woawo dzie wòzɔna le blema.
7
Kusatɔwo ɖo xaxa me mekpɔ, eye Midiantɔwo le dzodzom nyànyanya.
8
Aƒetɔ, tɔsisiwo ŋue nèdo dziku ɖoa? Woawo ŋue nèdo dɔmedzoe ɖo loo, alo atsiaƒu ŋue dzi le kuwòm ɖo, be nèdo wò sɔwo eye nèɖo wò tasiaɖamwo yi ɖaɖu dzia?
9
Èdzra wò dati ɖo be yeada, eye nètsɔ aŋutrɔ de eme. Èna tɔsisiwo ɖe mɔ to anyigba me.
10
Esi towo kpɔ wò la, wodzo nyànyanya; tɔwo ɖɔ gbagba. Anyigba gɔme tsiwo ɖe gbe, eye woƒe tsotsoewo kɔ yi dzi boo.
11
Esi wò aŋutrɔwo nye kekeli le yiyim, eye wò akplɔwo nye keklẽ le dzo kem la, ɣe kple ɣleti tɔ ɖe wo teƒewo.
12
Èzɔ to anyigba dzi kple dziku, eye nèfanya dukɔwo le dɔmedzoe me.
13
Ètso be yeaxɔ wò dukɔ ɖe agbe; be yeaxɔ wò amesiamina la ɖe agbe. Èwu ame vɔ̃ɖiwo kplɔla, eye nètsrɔ̃ eyomedzelawo keŋ.
14
Ènyrɔ wò aŋutrɔ ɖe woƒe aʋakplɔla, si va abe yaƒoƒo sesẽ ene be yeaka mí ahlẽ la ƒe tame. Wole dzidzɔɣli dom, abe ame siwo tea ame dahe ɖe to le adzame ene.
15
Ètsɔ wò sɔwo to atsiaƒu kple tɔ gã dzeagbowo dzi.
16
Mesee, lulu; nye nuyiwo le ƒoƒom. Ðuɖui ɖo nye ƒuwo me. Esi metsi tsitre la, nye afɔwo nɔ ƒoƒom kpakpakpa le tenye. Manɔ anyi kpoo anɔ lalam be makpɔ ame siwo ɖe to ɖe mí la ƒe xaxagbe.
17
Togbɔ be gbotiwo megatse o, eye kutsetse mele wainka aɖeke ŋu o; togbɔ be amiti meganaa ami o, eye nu megawɔna le agblewo me o, togbɔ be alẽwo tsrɔ̃ le lãkpo me, eye nyi megale nyikpo aɖeke me o hã la,
18
nye ya makpɔ dzidzɔ ɖe Aƒetɔ ŋu eye matso aseye ɖe Mawu, nye Xɔnametɔ ŋuti.
19
Aƒetɔ Mawu lae nye nye ŋusẽ. Ena ŋusẽ ɖo nye afɔ ŋu abe zi tɔ ene, eye wòna mezɔa nye teƒe kɔkɔwo. Na hadzihakplɔla: woadzi kple kasaŋkuwo.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
All chapters:
1
2
3
Recommended Reading
Commentary
Habakkuk Commentaries
→
Devotional
Habakkuk Devotional Guide
→
Get This Bible
Ewe (EƲEGBE BIBLIA) Study Bible
→