bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Habakkuk 2
Habakkuk 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 3 →
1
Mayi aɖatsi tsitre ɖe xɔta, alala ase nya si Aƒetɔ agblɔ nam be magblɔ, eye mase nye biabia la ƒe ŋuɖoɖo.
2
Aƒetɔ ɖo eŋu nam be: “Ŋlɔ nu si meɖe fia wò la ɖi ɖe nuŋlɔkpe dzi be wòanya xlẽ bɔbɔe kaba.
3
Ŋlɔe ɖi ko, elabe ɣeyiɣi si wòava eme la meɖo haɖe o. Ke ɣeyiɣia de vɔ, menye beblee o. Evɔ ne etsi megbe la, kpɔ esi nu, elabe ele me va ge godoo; mahe ɖe megbe o.
4
Gbedeasi lae nye be: Dàdala mewɔa nu dzɔdzɔe o; ke ame dzɔdzɔe ya anɔ agbe to eƒe xɔse me.
5
Wain ɖe wòblea ame. Dàdala manɔ te o. Eƒe ve me keke abe tsiẽƒe ene. Esɔ kple ku; meɖia ƒo o. Eha dukɔwo katã na eɖokui, eye wòli kɔ anyigbadzitɔwo katã ɖe eɖokui gbɔ.”
6
Ðe ame siwo katã dzi wòɖu la mado hamelo, asi ahama le eŋuti oa? Ðe womagblɔ be: “Ame si ƒo nu geɖe si menye etɔ o la nu ƒu ɖi la, baba nɛ oa? Ne ame aɖe zi eƒe fetɔwo dzi wotsɔ nuwo ɖo awɔba nɛ, wòli kɔ nuawo ɖi fũu la, ɣe ka ɣie nuawo anɔ anyi ase ɖo?”
7
Ðe wò fetɔwo mado ɖe dziwò esime nèɖe ŋu ɖi oa? Ðe womaʋuʋu wò nànyɔ adzo nyànyanya oa? Woaha wò adzoe.
8
Esi nèha dukɔ geɖewo ta la, ame siwo katã susɔ le dukɔwo me la aha wò. Elabe èkɔ amewo ƒe ʋu ɖi, eye nèsẽ ŋuta le anyigba kple duwo kpakple wo me nɔlawo ŋuti.
9
Baba na ame si sẽ ŋuta tsɔ kpɔ nui na eƒe ƒometɔwo, eye wòte kpɔ wɔ eƒe nɔƒe dedie be dzɔgbevɔ̃e aɖeke nagadzɔ ɖe ye dzi o!
10
Ke wò tameɖoɖo na be wò ƒome ɖu ŋukpe. Esi nètsrɔ̃ dukɔ geɖewo ta la, wò hã atsrɔ̃.
11
Xɔtukpewo gɔ̃ hã ado ɣli le gli me ɖe tawò, eye xɔgbatiwo axɔ ɖe edzi na wo.
12
Baba na ame si tso du to amewuwu me, eye wòɖo egɔme anyi to nuvɔ̃ɖi wɔwɔ me!
13
Kpɔ ɖa, amewo dzea agbagba wɔa dɔ, ke dzo koe fiãnɛ, eye dukɔwo kua kutri dzodzro. Ðe menye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la gbɔe esia tso oa?
14
Ke sidzedze Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe axɔ anyigba dzi keŋ abe ale si tsi yɔ atsiaƒu ene.
15
Baba na ame si na ehavi noa nu le eƒe dɔmedzoekplu nu be wòamu ne wòakpɔ eƒe ŋukpeƒe.
16
Ðe bubu teƒe la miaɖu ŋukpe. Wò hã ano nu amu, ahaɖe ama ɖokuiwò. Aƒetɔ ƒe nuɖusi akpe dɔmedzoekplu la na wò hã, eye wò bubu atrɔ zu ŋukpe.
17
Ŋuta si wosẽ le Lebanon ŋu la, atrɔ va dziwò. Eƒe lãawo tsɔtsrɔ̃ ado vɔvɔ̃ na mi. Nu siawo le dzɔdzɔ ge elabe miewu ame, eye miesẽ ŋuta le anyigba kple duwo kpakple wo me nɔlawo ŋuti.
18
Viɖe kae le aklama kpakpɛ ŋu na ekpala alo le legba si wòkɔ̀ la ŋu? Alakpanufiala ko wònye. Ewɔla le dzi ɖom ɖe nu si eya ŋutɔ wɔ la ŋu, evɔ la, nu maƒonu ko wònye.
19
Baba na ame si gblɔ na ati be: “Nyɔ!” alo na kpe maƒonu be: “Fɔ!” Kpɔ ɖa, ele nane ɖe ge afia. Togbɔ be wofa sika kple klosalo ɖe eŋu kpe ɖo hã la, gbɔgbɔ mele eme kura o.
20
Ke Aƒetɔ le eƒe xɔ kɔkɔe me; anyigba blibo la nezi ɖoɖoe le eŋkume. eŋkume.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3