bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Joel 1
Joel 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 2 →
1
Gbe si Aƒetɔ de asi na Yoel, Petuel vi be wòayi aɖagblɔ lae nye esi:
2
Amegãɖeɖiwo, miɖo to ne miase ɖa; Yuda-nyigba dzi nɔlawo katã, mizi ɖoɖoe kpoo! Ðe nu sia tɔgbe dzɔ le mia ŋɔli, alo mia tɔgbuiwo ŋɔli kpɔa?
3
Migblɔe na mia viwo, ne woawo hã nagblɔe na wo viwo, eye wo viwo hã nagblɔe na dzidzime si le wo yome.
4
Nu si ŋɔwo susɔ ɖi la, ʋetsuviwo va ɖui. Nu si ʋetsuviwo susɔ ɖi la, ʋetrawo va ɖui. Nu si ʋetrawo susɔ ɖi la, abɔwo va ɖui.
5
Minyɔ, ahanomunɔwo, ne miafa avi, Mi wain tsu nolawo, mido ɣli; elabe woɖe wain vivi la le nu me na mi.
6
Dukɔ aɖe me tɔwo ho aʋa va nye anyigba la dzi. Ŋusẽ le wo ŋu; wosɔ gbɔ ale gbegbe. Woƒe aɖu le abe dzatatsu tɔ ene, eye woƒe tsyo le abe dzatanɔ tɔ ene.
7
Wogblẽ míaƒe wainkawo; woŋe míaƒe gbotiwo ɖu. Wofo tsro le wo ŋu tsɔ ƒu anyi, va se ɖe esime atilɔawo fu ɣie.
8
Mixa nu abe ɖetugbi si ta akpanya tsɔ le eƒe ɖetugbimesrɔ̃ si ku la fam ene.
9
Nuɖuɖuvɔsa kple nunonovɔsa nu tso le Aƒetɔ ƒeme. Eya ta nunɔlawo, Aƒetɔ ƒe subɔlawo fa konyi.
10
Agble zu gbegbe; anyigba le nu xam, elabe nukuwo gblẽ, aha yeye no ƒiaƒiaƒia, amitiwo ƒu.
11
Agbledelawo, miaƒe mo netsi dãa; waingbledelawo, miƒu asi nu ɖe lu kple ƒo ŋu, elabe agble me nukuwo katã gblẽ keŋ.
12
Wainka ku, gboti yrɔ; yevuboɖatiwo, detiwo, yevutɔtiwo kple agblemetiwo katã yrɔ. Amegbetɔ aɖeke megale dzidzɔ kpɔm o.
13
Mita akpanya miafa konyi, mi nunɔlawo! Mifa avi kple ɣli, mi ame siwo subɔna le vɔsamlekpuia gbɔ. Mita akpanya yi mawuƒe la me miaɖatsi afi ma dɔ, mi, nye Mawu subɔlawo, elabe nuɖuɖuvɔsa kple nunonovɔsa nu tso le mia Mawu ƒeme.
14
Miwɔ nutsitsidɔ kɔkɔe; miyɔ takpekpe tɔxɛ! Miƒo ame tsitsiwo kple anyigba la dzi nɔlawo katã nu ƒu ɖe Aƒetɔ, mia Mawu la ƒeme, ne miado ɣli ayɔ Aƒetɔ.
15
Elabe Aƒetɔ ƒe ŋkeke la tu aƒe; gbe si gbe Ŋusẽkatãtɔ la le nu gblẽ ge la ɖo vɔ. Aléle! Baba na gbe ma gbe!
16
Ðe nuɖuɖu nu metsi le mía ŋkume, eye dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso nu metso le mía Mawu ƒeme oa?
17
Blikuwo tsi anyigba ƒuƒu me ku, bli mewɔ o. Ale nuɖuɖudzraɖoƒewo ɖi ƒuƒlu eye avawo mu.
18
Lãwo le xɔxlɔ̃m nublanuitɔe, nyihawo tɔtɔ eye wole tsa glalã tsam elabe gbeɖuƒe aɖeke meli na wo o. Nu te alẽhawo gɔ̃ hã ŋu.
19
O, Aƒetɔ! Wò yɔm mele. Elabe dzo bi gbe le lãnyiƒewo, eye dzo ƒe aɖewo fiã agblemetiwo katã.
20
Gbemelãwo gɔ̃ hã le xɔxlɔ̃m le yɔwòm, elabe tɔwo mie eye lãnyiƒewo bi dzo.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3