bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Joel 2
Joel 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 3 →
1
Miku kpẽ le Zion, miƒu asi nu le nye to kɔkɔe la dzi! Mina anyigba dzi nɔlawo katã nadzo nyànyanya! Elabe Aƒetɔ ƒe ŋkeke la gbɔna; etu aƒe vɔ!
2
Viviti tsiɖitsiɖi kple blukɔ dogbe; alilikpo kple tsizi dogbe ye! Ʋetsuviwo ƒe aʋakɔ gãwo aho abe vivitie do ɖe to ŋu ene. Etɔgbe medzɔ kpɔ o, magadzɔ hã akpɔ le dzidzime siwo katã gbɔna la me o.
3
Wole atiwo ɖum le ŋgɔ kple megbe abe ale si dzo fiãa nu, eye dzo ƒe aɖe gblẽa nui ene. Wo ŋgɔ le abe Eden-bɔ me ene, ke wo megbe zu abe gbedadaƒo ɖeɖe ene. Naneke mete ŋu sí le wo nu o.
4
Woɖi sɔ, eye wole du dzi abe sɔwoe le aʋagbedzi ene.
5
Wole kpo tim le towo ŋu, eye woƒe nuwɔna le ɖiɖim abe tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ene. Wole zi nyem abe dzoe le gbe ƒuƒu fiãm ene. Wodze aʋa abe aʋakɔ gã aɖe ene.
6
Ne wote tu amewo la, dzidzi ƒoa ame sia me, eye mowo funa títiti.
7
Ʋetsuviawo le du dzi abe kalẽtɔwo ene, ɖe sia ɖe to ŋgɔ tẽe, ɖeke medze to nɔvia ƒe toƒe,
8
alo mimi nɔvia ɖo o. Wogblẽ aʋawɔnu ɖe sia ɖe si le woƒe mɔ me la dome; naneke mexe mɔ na wo o.
9
Wolũ ɖe dua dzi; wole du ƒum le gliwo dzi le gegem ɖe xɔwo me, ɖewo ya to fesre nu abe fiafitɔ ene.
10
Esime wogbɔna la, anyigba dzo kpèkpekpe; dziƒo ʋuʋu; ɣe kple ɣleti do viviti; ɣletiviwo gbe keklẽ.
11
Aƒetɔ le gbe ɖem na eƒe aʋakɔ. Aʋawɔlaawo sɔ gbɔ, sesẽ eye woɖoa toe. Aƒetɔ ƒe ŋkeke la tri akɔ; edzi ŋɔ ŋutɔ. Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe enu?
12
Aƒetɔ be: “Mitrɔ dzime miatrɔ va gbɔnye to nutsitsidɔ, avifafa kple konyifafa me.
13
Mitrɔ dzime tso ememe ke. Migadze miaƒe awuwo me ko o.” Mitrɔ va Aƒetɔ, mia Mawu la gbɔ. Ðe wòvea ame nu, kpɔa nublanui na ame eye wògbɔa dzi blewuu; eƒe lɔlɔ̃ metrɔna o. Etsɔa vɔ̃ kena; tohehe na ame venɛ.
14
Ðewohĩ Aƒetɔ, mia Mawu atrɔ susu, agayra mi eye nukuwo aganyo na mi fũu ale be miagakpɔ bli kple wain ava sa vɔ nɛ.
15
Miku kpẽ la le Zion-to dzi. Miwɔ nutsitsidɔ kɔkɔe; miyɔ takpekpe tɔxɛ!
16
Miƒo dukɔmetɔwo nu ƒu, mikɔ wo ŋu. Miyɔ ame tsitsiwo vɛ; ɖeviwo kple vi nonowo gɔ̃ hã neva. Mina ŋugbetɔ kple srɔ̃a nado le xɔ me va.
17
Mina nunɔlawo, Aƒetɔ ƒe subɔlawo nafa avi le akpata la kple vɔsamlekpui la dome agblɔ be: “O, Aƒetɔ, kpɔ nublanui na wò amewo. Mègana wò dukɔ la nazu alɔmeɖenu na dukɔ bubuwo, ale be woanɔ ahama sim le wo ŋu anɔ gbɔgblɔm be: ‘Afi ka woƒe Mawu la le?’ mahã o.”
18
Tete anyigba la ƒe nu wɔ nublanui na Aƒetɔ, eye wòkpɔ nublanui na eƒe amewo.
19
Aƒetɔ ɖo eŋu gblɔ na eƒe amewo be: “Kpɔ ɖa, maɖo bli, wain kple ami ɖe mi, ne miaɖu aɖi ƒo. Nyemagana miazu alɔmeɖenu le dukɔwo dome azɔ o.
20
Maɖe ʋetsuvi ƒe aʋakɔ si tso dzigbeme va la ɖa; manyàe ɖo ɖe kuɖiɖinyigba dzi kple gbegbe. Manyà ŋgɔgbetɔwo ɖo ɖe Dzeƒu nu, eye mana megbetɔwo naɖo ta Domeƒu nu. Mana woaƒaƒã anɔ ʋeʋẽm le nu si wowɔ mi la ta.
21
Anyigba, mègavɔ̃ o; tso aseye nàkpɔ dzidzɔ le nu gã si Aƒetɔ wɔ na wò la ta.
22
Gbemelãwo, migavɔ̃ o, elabe lãnyiƒewo ade ama, atiwo atse kplanyaa eye kutsetse ado agba ɖe gboti kple wainka dzi.
23
“Zionviwo, dzi nedzɔ mi! Mitso aseye ɖe Aƒetɔ, mia Mawu la ŋu, elabe egana tsi dza na mi le edzaɣi: tsi dza le adame tsi dza le keleme abe ale si wòdzana ene.
24
Lu ayɔ lugbɔƒe fũu, wain kple ami ayɔ nuwo agbagba le ahafiãƒe.
25
Medɔ nye aʋakɔ gã la ɖa: Ʋetsuvi, ʋetra, abɔ kple ŋɔ wova gblẽ nuwo na mi. Ke maɖo wo teƒe na mi.
26
Azɔ miaɖu nu, aɖi ƒo, eye miaƒe dzi adze eme. Ale miakafu Aƒetɔ, mia Mawu, ame si wɔ nukunuwo na mi. Amewo magaɖe alɔ me le nye dukɔ ŋu akpɔ gbeɖe o.
27
Israel, àdze sii azɔ be mele mia dome. Nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu la; bubu aɖeke megali o. Amewo magaɖe alɔ me le nye dukɔ ŋu akpɔ gbeɖe o.
28
“Emegbe matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe ame sia ame dzi: Mia viŋutsuviwo kple mia vinyɔnuviwo aɖe gbeƒã nye nya, miaƒe amegãɖeɖiwo aku drɔ̃ewo, eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo.
29
“Ɣe ma ɣi la, matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe nye nyɔnudɔlawo kple ŋutsudɔlawo gɔ̃ hã dzi.
30
Mana nukunuwo nado ɖe dziŋgɔli ŋu kple anyigba dzi. Ʋu, dzo kple dzudzɔ babla kɔtɔɔ wòanye.
31
Ɣe ado viviti; ɣleti abiã abe ʋu ene, hafi Aƒetɔ ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la naɖo.
32
Ava eme be woaxɔ ame sia ame si yɔ Aƒetɔ la, ɖe agbe. Ame aɖewo así le afɔku la nu le Zion-to dzi kple Yerusalem. Sisíla siawo anye ame siwo woyɔ be woatsi agbe, abe ale si Aƒetɔ do ŋugbe ene.”
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3