bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Joel 3
Joel 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
1
Aƒetɔ be: “Le ɣe ma ɣi me la, makplɔ aboyomewo agbɔ va Yuda kple Yerusalem.
2
Maƒo dukɔwo katã nu ƒu akplɔ ayi Yehosafat-bali me. Madrɔ̃ ʋɔnu wo le afi ma le nu siwo wowɔ ɖe nye dukɔ kple nye domenyinu Israel ŋu la ta. Wona nye amewo kaka ɖe dukɔwo dome, eye woma nye anyigba.
3
Wodzidze nu ɖe nye amewo dzi. Wode gbolo gbɔ tsɔ ŋutsuvi xe fe nɛ. Wodzra nyɔnuvi tsɔ dze wain no.
4
“Nu kae miedi be yewoawɔ ɖe ŋunye, Tiro, Sidon kple Filistitɔwo ƒe nutomewo? Wɔɖenue miedi be yewoawɔ nam loo? Ne eyae la, ekema nye asi atre tsɔtsɔ na mia tɔ. Maɖo nu si miewɔ ɖe ŋunye la teƒe na mi kaba alɔtsɔtsɔe.
5
Miawoe lɔ nye klosalo kple sika dzoe, eye mietsɔ nye kesinɔnu veviwo yi ɖada ɖe miaƒe gbedoxɔwo me.
6
Mietsɔ Yudaviwo kple Yerusalemviwo dzra na Helatɔwo be woakplɔ wo adzoe tso wo de ayi adzɔge ke.
7
Kpɔ ɖa, makplɔ wo tso teƒe siwo woƒle wo yii la agbɔe, eye maɖo nu si miewɔ la teƒe na mi.
8
Madzra mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo na Yudatɔwo. Woawo aɖadzra wo na Sabatɔwo, le tɔmanyaƒe nɔmanyaƒe. Nye Aƒetɔ lae gblɔe.”
9
Miɖe gbeƒã nya sia na dukɔwo be: Mikɔ mia ɖokui ŋu. Mibla akpa ɖe aʋawɔwɔ ŋu. Miʋuʋu kalẽtɔwo ne woatso. Aʋawɔlawo katã nedo, Wonete va!
10
Mitsɔ miaƒe kodzoewo tu yiwoe. Mitsɔ miaƒe hɛ gobɛwo tu akplɔwoe. Ame beli negblɔ be: “Nyee nye aʋakalẽa.”
11
Netsɔ! Miva! Mi dukɔ siwo katã ƒo xlã mí la. Miyi ɖaƒo ƒu ɖe afi ma. O Aƒetɔ, kplɔ wò kalẽtɔwo vɛ!
12
Dukɔwo neho ne woava Yehosafat-bali me. Afi mae mabɔbɔ nɔ anyi ɖo glì, adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo katã godoo akpe ɖo.
13
Minyè hɛ gobɛwo elabe nuŋeɣi ɖo. Miva, mifanya nu abe ale si wofanyaa kutsetse ɖiɖiwo le wainfiãƒe, va se ɖe esime wainfiãnu la yɔna, gbagbana ene. Woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ gbɔ eme.
14
Ame akpewo, akpeakpewo ɖi anyi ɖe nyametsobali la me. Elabe Aƒetɔ ƒe ŋkeke la tu aƒe le nyametsobali la me.
15
Ɣe kple ɣleti do viviti; ɣletiviwo gbe keklẽ.
16
Aƒetɔ le gbe ɖem tso Zion, eƒe gbe le dzi dem bobobo tso Yerusalem; dziƒowo kple anyigba ʋuʋu. Ke Aƒetɔ nye sitsoƒe na eƒe dukɔ kple mɔ́ sesẽ na Israel.
17
“Azɔ la, miadze sii be nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu la. Mele Zion, nye to kɔkɔe la dzi. Yerusalem anye du kɔkɔe, futɔwo ƒe aʋakɔ aɖeke magava to eme ayi gbeɖe o.
18
“Le ɣe ma ɣi me la, towo atsyɔ wain yeye; togbɛwo aɖuɖu notsi, eye tsi ayɔ Yuda-tɔʋuwo katã agbagba. Tsi aŋɔ bababa tso Aƒetɔ ƒe aƒe la me aɖade tsi nuwo le Xeti-bali la me.
19
Egipte azu aƒedo eye Edom azu gbegbe ɖiƒuƒlu le ale si wosẽ ŋuta le Yudaviwo ŋu, eye wokɔ woƒe ʋu maɖifɔ ɖi le woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi la ta.
20
Ke ame anɔ Yuda kple Yerusalem tegbee.
21
Mabia hlɔ̃ ɖe ame siwo wowu la nu. Nyemaɖe asi le agɔdzela ŋu o. Nye Aƒetɔ manɔ Zion.”
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
All chapters:
1
2
3