bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Nahum 1
Nahum 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 2 →
1
Gbedeasi ɖe Ninive ŋu. Naxum, Elkositɔ la ƒe ŋutegagbalẽ.
2
Aƒetɔ nye Mawu si ʋãa ŋu, eye wòbiaa hlɔ̃. Aƒetɔ biaa hlɔ̃, eye wòdoa dɔmedzoe. Aƒetɔ hea to na eƒe ketɔwo, eye wòléa dɔmedzoe ɖi na eƒe futɔwo.
3
Aƒetɔ medoa dziku kabakaba o; ŋusẽ le esi ŋutɔ. Meɖea asi le fɔɖila ŋu o. Etoƒe le ahom kple yali me, Alilikpowo nye ʋuʋudedi nɔa eƒe afɔtoƒe.
4
Ebluna ɖe atsiaƒu ta, wòmiena. Enana be tɔsisiwo katã miena. Gbe yrɔna le Basan kple Karmel; Lebanon seƒoƒowo yrɔna.
5
Towo ʋuʋuna le eŋgɔ; togbɛwo lólona. Anyigba tsi ƒeƒle le eŋkume, xexea me kple emenɔlawo katã.
6
Ne Aƒetɔ do dziku la, ame kae ate ŋu anɔ te ɖe enu? Ne edo dɔmedzoe helihelĩ la, ɖe ame aɖe ate ŋu anɔ te ɖe enua? Etrɔa eƒe dɔmedzoe kɔna ɖi abe dzo ene, eye agakpewo wóna le eŋgɔ.
7
Aƒetɔ ƒe dɔme nyo; enye sitsoƒe na eƒe amewo le xaxaɣi. Enya ame siwo sínɛ tsona.
8
Ke atsɔ tsiɖɔɖɔ sesẽ atsrɔ̃ eƒe futɔwo keŋkeŋ, eye wòayɔ̀ eƒe ketɔwo ɖe nu ayi viviti me.
9
Nugbe ka ɖom miele ɖe Aƒetɔ ŋu? Ele nuwo nu wu ge keŋkeŋ. Mabia hlɔ̃ eƒe futɔ zi eve o.
10
Ne woɖo wo nɔewo me abe ŋuwo ene, alo woƒo tsi belee abe woƒe nunonowo ene hã, wole bibi ge vlavlavla abe gbe ƒuƒu ene.
11
Ɖe ame medo tso mewò, si ɖo nugbe ɖe Aƒetɔ ŋu, hede adaŋu be yeado hlɔ̃ oa?
12
Eya ta Aƒetɔ be: “Togbɔ be wosesẽ, eye wosɔ gbɔ hã la, woatsrɔ̃ avɔ keŋkeŋ. Togbɔ be mena miekpe fu geɖe hã la, miagakpe fu azɔ o.
13
Ke azɔ maŋe eƒe kɔkuti ɖa le mia ŋu, eye matso miaƒe kɔsɔkɔsɔwo ɖa.”
14
Aƒetɔ de se ɖe mia ŋu be: “Womagatɔ mia ŋkɔ gbeɖe o. Matsrɔ̃ aklama kpakpɛ kple legba kɔ̀kɔwo ɖa le miaƒe mawuxɔwo me. Maɖe yɔdo na mi, elabe miegblẽ.”
15
Kpɔ ɖa, du nyui xɔla aɖee nye ekem le du dzi tso toawo dzi gbɔna. Etsɔ nya nyui aɖe gbɔnae. Ele gbeƒã ɖem ŋutifafa. Yudatɔwo, miɖu ŋkekenyuiwo azɔ! Mixe miaƒe adzɔgbeɖefewo! Elabe ame vlo la magatso ɖe mia ŋu azɔ gbeɖe o! Wotsrɔ̃e gbidii!
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3