bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Nahum 2
Nahum 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 3 →
1
Nugbãla tso ɖe ŋuwò. Dzɔ wò sitsoƒexɔwo ŋu. Nɔ ŋudzɔ nànɔ mɔ dzi kpɔm. Bla ali dzi; dzra ɖo kple wò ŋusẽ katã.
2
(Elabe Aƒetɔ gale Yakob ƒe bubu ɖom te abe Israel ƒe bubu ene; elabe nuhalawo ha wo, eye wogblẽ eƒe alɔdzewo keŋkeŋ.)
3
Eƒe kalẽtɔwo ƒe akpoxɔnuwo biã hẽe; eƒe asrafowo le nyagãdzĩwu me. Tasiaɖamwo le keklẽm abe dzo ƒe aɖe ene. Ne woɖo ɖe fli me la, wonyea woƒe akplɔwo.
4
Tasiaɖamwo le zi nyem le kpɔdomeewo kple ablɔwo dzi, le yiyim, le gbɔgbɔm. Woklẽ abe akakatiwo ene; woɖe abla abe dzikedzo ene.
5
Woyɔ aʋakplɔlawo, wole nu klim le yiyim. Futɔwo ɖe abla yi duglia gbɔ, wotu akpoxɔ ɖi.
6
Woʋu agbo siwo le tɔsisia gbɔ lɔƒo. Vɔvɔ̃ lé fiasã la me nɔlawo.
7
Woɖe nu le fia srɔ̃ ŋu, hekplɔe dzoe amamae. Eƒe nyɔnudɔlawo nɔ akɔta ƒom, nɔ fafam nɛ abe ahɔnɛ ene henɔ vevesese ɖem fia.
8
Ninivetɔwo do le dua me bibibi abe tsisisi tso tsikpo gbagbã me ene. Wodo ɣli be: “Mitɔ! Mitɔ!” Ke ame aɖeke menye kɔ kpɔ megbe o.
9
Miha klosalo! Miha sika! Kesinɔnuwo li zã! Nu xɔasi veviwo yɔ dua! Miha wo!
10
Ninive gbã! Egbã zu du ƒuƒlu! Vɔvɔ̃ ɖo amewo, woƒe klowo le ƒoƒom kpakpakpa. Ŋusẽ vɔ le wo ŋu, wole dzodzom nyànyanya. Woƒe mo trɔ!
11
Afi ka dzatawo ƒe do la le, afi ka dzataviwo ƒe agado la le, afi si dzata léa nu vanɛ, eye dzataviwo nɔa anyi naneke medoa ŋɔdzi na wo o?
12
Dzata vuvu lã ale si nu atu viawo, eye wòwu ɖewo tsɔ vɛ na dzatanɔwo hã. Elé lã geɖe vuvu va kɔ ɖe enɔƒe fũu.
13
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Kpɔ ɖa, metso ɖe ŋuwò azɔ. Matɔ dzo wò tasiaɖamwo, eye wò kalẽtɔwo atsi aʋa. Matsi wò adzodada nu le anyigba dzi. Ŋusẽ avɔ le ŋuwò keŋ; ame aɖeke magase ŋkɔwò azɔ o.”
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3