bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Nahum 3
Nahum 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
1
Baba na du si ƒe asi ƒo ʋu, afi si alakpadada kple adzonuwo bɔ ɖo, nuhaha nu metsina o!
2
Sɔƒokawo ƒe sɔwo dzidzedze; sɔwo ƒe duƒuƒu kplakplakpla; tasiaɖamfɔwo ƒe zinyenye; tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ,
3
sɔdolawo ƒe lulũ ɖe eme! Yiwo ƒe dzodada, akplɔwo ƒe dzokeke, aʋatsilawo ƒe kɔlili ɖe wo nɔewo dzi, ame kukuwo mele xexlẽme o. Amewo le wo klim le anyi dzem.
4
Le gbolo ƒe gbolowɔwɔ vivivo kple dzosala dzetugbe la, ame si tsɔ eƒe tugbedzedze kple dzosasa flu dukɔwo heɖe aboyo wo ta la,
5
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be, kpɔ ɖa, metso ɖe ŋuwò. Maklo awu le ŋuwò akɔ tsyɔ ŋkume na wò, eye mana dukɔwo nakpɔ wò ama me, fiaɖuƒewo akpɔ wò ŋukpeƒe.
6
Malɔ gbeɖuɖɔ akɔ ɖe dziwò, maɖi gbɔ wò, eye mawɔ wò nazu nukpɔkpɔ.
7
Ame siwo katã kpɔ wò la así le nu wò agblɔ be: “Wogbã Ninive-du! Ame kae afa nɛ? Afi ka makpɔ akɔfala tsoe nɛ?”
8
Ɖe nènyo wu Tebes si wotso ɖe Nil-tɔsisi to; tsi ƒo xlãe godoo, atsiaƒu nye kpo nɔ eŋu, eye tsi nye gli nɔ eŋu laa?
9
Etiopia nye eƒe ŋusẽ, seɖoƒe meli na Egipte ya tɔ o; eƒe kpeɖeŋutɔwoe nye Putitɔwo kple Libiatɔwo.
10
Ke woɖe aboyoe, kplɔe dzoe. Woxlã wo viwo ɖe nu wokaka ɖe ablɔ ɖe sia ɖe dzi. Wodzidze nu ɖe woƒe bubumewo dzi, eye wode kɔsɔkɔsɔ woƒe amegãwo.
11
Wò hã àmu aha, wò mo atsyɔ, eye nàdi afi si nàsí ayi, adzo le wò futɔ gbɔ.
12
Wò mɔ́wo katã le abe gboti siwo dzi kutsetse gbãtɔwo ɖi ɖo la ene. Ne woʋuʋu atia la, kutsetse ɖiɖiawo gena dzea nu me na eɖula.
13
Kpɔ ɖa, wò aʋakɔwo le abe nyɔnuwo ene. Wò anyigba ƒe agbowo le ʋuʋu ɖi gbadzaa na wò futɔwo. Dzo fiã wò gametiwo.
14
Du tsi da ɖi, elabe wole to ɖe ge ɖe wò. Na wò mɔwo nagasẽ ɖe dzi. Yi anyiʋe me nànya anyi atsɔ ame anyikpewo da ɖi.
15
Afi mae dzo afiã wò le, eye nàtsi yi nu le. Woavuvu wò abe ale si ʋetsuviwo ɖua nui ene. Midzi ɖe dzi abe ʋetsuviwo ene, eye midzi abe gbagblame ene.
16
Èna wò asitsalawo dzi ɖe edzi sɔ gbɔ wu dziƒoɣletiviwo gɔ̃ hã. Ke azɔ la, ʋetsuvi la ke aʋala me, eye wòdzo dzó.
17
Wò amegãwo sɔ gbɔ abe gbagblamewo ene, eye wò agbalẽfialawo le abe ʋetsuviwo ƒe ha le kpɔ ŋu, le vuvɔgbe ene. Ke ne ɣe dze la, wodzona dzóna, eye ame aɖeke menyaa afi si wodzo yi o.
18
O Asiria-fia, wò alẽkplɔlawo le alɔ̃ dɔm, wò bubumewo le akɔlɔ̃e dɔm. Wò amewo kaka ɖe towo dzi, eye ame aɖeke meli aƒo wo nu ƒu o.
19
Wɔwɔ aɖeke mele nu vevi si wɔ wò la ŋu o; èxɔ abi vevie. Ame siwo katã se wò nyaa la, kpɔ dzidzɔ, si akpe. Elabe ɖe ame aɖe li si ŋu wò nuvɔ̃ɖi wɔwɔ madzudzɔmadzudzɔe la megblẽ nu le oa?
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
All chapters:
1
2
3