bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Philippians 1
Philippians 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 2 →
1
Agbalẽ sia tso nye Paulo kple Timoteo gbɔ. Míenye Kristo Yesu ƒe dɔlawo. Míele eŋlɔm na mi hametɔ siwo katã ŋuti wokɔ le Filipi, eye miele hadede me kple Kristo Yesu la. Ha la nunɔlawo kple miaƒe kpeɖeŋutɔwo katã hã le eme.
2
Mía Tɔ́ Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo neve mia nu, eye woana ŋutifafa mi.
3
Ne meɖo ŋku mia dzi ko la, medaa akpe na Mawu;
4
eye ɣe sia ɣi si mele gbe dom ɖa ɖe mia ta la, medonɛ ɖa kple dzidzɔ.
5
Meda akpe na Mawu be mía kple miawo míekpe asi ɖe Nyanyui dɔ la ŋu le wɔwɔm tso ŋkeke gbãtɔ ma dzi va se ɖe egbe.
6
Meka ɖe edzi be ame si dze dɔ nyui sia wɔwɔ gɔme le mia me la, awu enu le Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi.
7
Nye susu le mia ŋu ɖaa. Esɔ be manɔ mi katã mia ŋu bum alea, elabe Mawu ve nye kple miawo siaa nu be miele fu kpem kplim, esime mele gaxɔ me. Gawu la, miekpe ɖe ŋunye míele Nyanyui la ta ʋlim be wòali ke.
8
Elabe Mawue nye nye ɖaseɖila, abe alesi mi katã miele dzronyem vevie le Yesu Kristo ƒe lɔlɔ̃ la me tae.
9
Mele gbe dom ɖa be miaƒe lɔlɔ̃ nagade to ɖe edzi wu, ne miadze si nyateƒe la, ate ŋu atso nya me nyuie na mia ɖokui.
10
Esia ana be miate ŋu atia nu si nye nyuitɔ, ale be le Kristo ƒe ŋkeke la dzi la, mianye ame dzadzɛ, siwo ŋu mokaka manɔ o la.
11
Eye mia yɔ taŋ kple dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse si tso Yesu Kristo gbɔ, hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple kafukafu.
12
Nɔvinyewo, medi be mianya be, le nyateƒe me la, nu siwo dzɔ ɖe dzinye la, va na be Nyanyui la ɖe zɔ yi ŋgɔgbe boŋ.
13
Elabe asrafo siwo katã le fiasã la me kple ame bubu siwo katã le afi sia la, kpɔe dze sii be Kristo tae mele gaxɔ me ɖo.
14
Hekpe ɖe esia ŋu la, nye gaxɔmenɔnɔ na be hametɔ geɖewo gaɖo dzi ɖe Aƒetɔ la ŋu. Dzi gaɖo wo ƒo wu tsã, eye wogblɔa Mawu ƒe nya la vɔvɔ̃ manɔmee.
15
Le nyateƒe me la, wo dome ame aɖewo ɖea gbeƒã Kristo elabe woʋã ŋum, eye wodi be yewoaʋli nu kplim, ke ame bubuwo hã ɖea gbeƒãe kple susu nyui.
16
Lɔlɔ̃e dɔ ameha evelia sia be woaɖe gbeƒã nyuie alea, elabe wonyae be Mawu ɖe wòdam ɖe afi sia be maʋli Nyanyui la ta.
17
Ameha gbãtɔ ya ɖea gbeƒã Kristo le nu si anyo na woƒe akpadzitɔwo la ɖeɖe ko ta, ke menye le nyateƒe me o. Wosusu be yewoawɔ esia, ale be veve si sem mele le gaxɔ me la, nagado gã ɖe edzi wu.
18
Esia mewɔ naneke o, elabe ame aɖe ɖaɖe gbeƒã Kristo alakpatɔe o, eɖaɖee anukwaretɔe o, nye ya la, be woɖea gbeƒã Kristo la, eya ɖeɖe do dzidzɔ nam.
19
Ẽ, dzidzɔ ko makpɔ, elabe menyae be le gbe si dom miele ɖa kple ale si Yesu Kristo ƒe Gbɔgbɔ la le kpekpem ɖe ŋunyee ta la, mado le gaxɔa me.
20
Nu si ŋu mele ŋu ɖom ɖo hele mɔ kpɔm na vevie lae nye be ŋu nagakpem kura o, ke boŋ dzi naganɔ ƒonye kokoko, vevietɔ fifia. Ale nenye ɖe maku, alo ɖe manɔ agbe hã la, matsɔ nye ŋutilã ade bubu Kristo ŋui.
21
Le nye ya gome la, Kristoe mele agbe na, evɔ nenye ɖe maku boŋ la, anye ne eya agaɖe vi nam wu sãa.
22
Ne ɖe maganɔ agbe la, mawɔ dɔ si aɖe vi. Ke ku o, agbe o, nyemenya esi matia o.
23
Metsi evedomesi. Ke nye ya ɖe medi be madzo aɖanɔ Kristo gbɔ boŋ hafi, elabe esia nyo wu sãa.
24
Gake le miawo ta la, ele vevie be maganɔ agbe le xexe sia me.
25
Esi meka ɖe esia dzi ta la, menya be manɔ mia gbɔ, ayi dɔ si wɔm mele kpli mi katã la dzi, bene miayi ŋgɔ ahakpɔ dzidzɔ le Kristo dzixɔse me.
26
Esia ana be ne megava mia gbɔ la, miakpɔ mɔ aƒo adegbe to dzinye be yewowɔ ɖeka kple Kristo Yesu.
27
Nu si hiã fifia koe nye be mianɔ agbe si dze Kristo ƒe Nyanyui la xɔlawo. Ale be ne meva mia gbɔ loo, alo nyemegava o hã la, mase le mia ŋu be miaƒe gbɔgbɔ le ɖeka, eye mietsɔ susu ɖeka le tsitre ɖe mia nɔewo xa kplíkplikpli le xɔse, si le Nyanyui la me la, ta ʋlim.
28
Migana nu si ame siwo tsi tre ɖe mia ŋu la awɔ la ƒe ɖeke nado ŋɔdzi na mi o. Milé dzi ɖe ƒo. Esia anye dzesi tso Mawu gbɔ na wo kɔtɛe be wole tsɔtsrɔ̃ ge godoo, eye be miawo ya, woaxɔ mi ɖe agbe.
29
Elabe womeyɔ mi vɛ be miaxɔ Kristo dzi ase ɖeɖe ko o, ke boŋ be miakpe fu ɖe eta hã.
30
Azɔ la, miawo hã mige ɖe aʋa la me kplim. Aʋa sia tututue miekpɔm menɔ wɔwɔm va yi, eye abe ale si miesee ene la, eya ke wɔm megale fifia hã.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4