bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Philippians 3
Philippians 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 4 →
1
Mlɔeba la, nɔvinyewo, dzi nedzɔ mi be miele hadede me kple Aƒetɔ la. Metim be magaŋlɔ nu siawo ke na mi o, elabe esia ana be mianɔ dedie.
2
Minɔ ŋudzɔ na nuvɔ̃wɔla mawo! Minɔ ŋudzɔ na avu mawo! Minɔ ŋudzɔ na ame siwo dea abi woƒe ŋutilã ŋu, be yewotso aʋa!
3
Elabe mí ame siwo subɔa Mawu le gbɔgbɔ me la boŋ ye wotso aʋa si dze la na, ale míekpɔa dzidzɔ be míedea ha kple Kristo Yesu. Míawo ya míeɖoa dzi ɖe ŋutilãmekɔnyinyi ŋu o.
4
Nye boŋ wòle be maɖo dzi ɖe ŋutilãmekɔnyinyi ŋu hafi. Ne ame aɖe bu be ye wòle be yeaɖo dzi ɖe eŋu la, megogom kura o, tɔnye wu sãa.
5
Nye la, ŋkeke enyia gbee wotso aʋa nam. Israel vidzidzie menye, eye metso Benyamin-to la me. Hebritɔ ŋutɔŋutɔ si Hebritɔ akuakuawo dzi lae menye. Le Yudatɔwo ƒe sea dzi wɔwɔ gome la, Farisitɔe menye.
6
Le dzotsɔtsɔ ɖe Yudatɔnyenye ŋu gome la, mewɔe ʋuu, va zu hamea yometila. Le nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖe sea nu gome la, mokaka aɖeke menɔ ŋunye o.
7
Ke ne viɖe nɔ wo me nam va yi hã la, le Kristo ta, wozu nu maɖeviwo.
8
Le nyateƒe me la, mebu nu siawo katã be wonye nu maɖeviwo, elabe meva dze sii be Kristoe nye nye Aƒetɔ. Nunya sia xɔ asi wu nunyawo katã. Esia tae mebú nye nuwo katã, eye metsɔ wo ko abe aɖukpodzinuwo ene, be nye asi nasu Kristo dzi,
9
eye mawɔ ɖeka kplii. Ale nyemagawɔ nu dzɔdzɔe aɖeke le ɖokuinye si, le se la ta o, ke boŋ mawɔ nu, si Kristo dzixɔse bia be mawɔ la ko. Esiae nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ si tso Mawu gbɔ, eye wòku ɖe xɔse ŋuti.
10
Ale nu si ko dim mele lae nye be madze si Kristo, ame si fɔ tso ame kukuwo dome kple eƒe ŋusẽ si le dɔ wɔm la, ale be mate ŋu akpe fu, eye maku abe eya ene,
11
ale ne wòate ŋu ava eme ko la, nye hã mafɔ tso ku me.
12
Nyemele gbɔgblɔm be nye asi su taɖodzinu la dzi, alo be mede blibo vɔ o. Ke mele ʋiʋlim vevie be nye asi nasu edzi, elabe Kristo Yesu wɔm mezu etɔ.
13
Nɔvinyewo, nyemetsɔe be nu sia su asinye xoxo o. Nu ɖeka ko ŋu nye susu le. Esiae nye be meŋlɔ nu siwo le megbenye la be, eye nu siwo le ŋgɔnye la ko nyam mele kple nye ŋusẽ katã.
14
Dziɖuƒea ko nyam mele kple ŋkubiã, ale be mava xɔ nunana si ta Mawu to Yesu Kristo dzi, yɔm la, le dziƒo afi ma.
15
Mina susu sia nanɔ mí, ame siwo tsi le gbɔgbɔ me la si. Ke nenye be susu bubu ƒomevi aɖe le mia dometɔ aɖe si la, Mawu aɖe ema hã ɖe go afia mi.
16
Ɖoɖo siwo dzi míewɔ va se ɖe fifi la, mina míagalé wo me ɖe asi.
17
Nɔvinyewo, mikpɔ nye nuwɔna miawɔ. Mide dzesi ame siwo le agbe, abe ale si míenɔe hetsɔ ɖo kpɔɖeŋu na mi la ene.
18
Togbɔ be megblɔ nya sia na mi zi geɖe va yi xoxo hã la, megale egblɔm ake fifia kple aɖatsi, be ame geɖewo ƒe agbenɔnɔ fia be wolé fu ku si Kristo ku le atitsoga ŋu la.
19
Ame siawo le gege ge ɖe fukpekpe mavɔmavɔ me, elabe woƒe mawue nye woƒe ƒodo. Nu si nye ŋukpenanu boŋ ŋuti wodzɔa dzi le, eye wotsɔ woƒe susu da ɖe xexemenuwo dzi.
20
Ke míawo ya la, mía dee nye dziƒo, eye míele Xɔla si nye Aƒetɔ Yesu Kristo la lalam be wòatso afi ma ava.
21
Eyae atsɔ ŋusẽ si wɔe be wòte ŋu ɖu nu sia nu dzi la, atrɔ míaƒe ŋutilã beli sia, wòasɔ kple eya ŋutɔ tɔ, si nye ŋutikɔkɔeŋutilã la.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4