bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Philippians 2
Philippians 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 3 →
1
Azɔ la, dzi ɖo mia ƒo, elabe miewɔ ɖeka kple Kristo. Eƒe lɔlɔ̃ dea dzi ƒo na mi. Miedea ha kple Gbɔgbɔ la, eye mienyoa dɔme hekpɔa nublanui na mia nɔewo.
2
Eya ta, be miana makpɔ dzidzɔ wòade edeƒe la, mina miaƒe tamesusu nanɔ ɖeka; milɔ̃ mia nɔewo ame ŋkume makpɔmakpɔtɔe, miaƒe gbɔgbɔ nawɔ ɖeka, eye miabu nu ɖeka ko ŋu.
3
Migawɔ naneke tso ɖokuitɔdidi alo dàda me o. Mibɔbɔ mia ɖokui, eye mibu ame bubuwo be wonyo wu yewo.
4
Mia dometɔ aɖeke megadi nu si anyo na eya ɖeɖe ko o, ke nedi nu si anyo na ame bubuwo hã.
5
Mina susu ma ke, si nɔ Kristo Yesu si la, nanɔ miawo hã mia si. Esiae nye:
6
Togbɔ be enye ame si nɔ Mawu ƒe nɔnɔme me hã la, mebui nuhahae, be ye kple Mawu yewosɔ o.
7
Ke boŋ eɖe asi le bubuteƒe, si le esi la ŋu faa, eye wòtsɔ eɖokui wɔ subɔlae. Wodzii abe amegbetɔ ene.
8
Amegbetɔ ƒe nɔnɔmee nɔ esi, eye wòbɔbɔ eɖokui, ɖo to, va se ɖe keke ku me ke; atitsogaŋuku gɔ̃ hãe wòku.
9
Esia ta Mawu doe ɖe dzi boo, eye wòtsɔ ŋkɔ, si ƒo ŋkɔwo katã ta la nɛ.
10
Ale be, ne Yesu ŋkɔ ɖi ko la, edze be nuwɔwɔ siwo katã le dziƒo, anyigba dzi kple anyigba te la, nadze klo,
11
eye wo katã naʋu eme be: “Yesu Kristoe nye Aƒetɔ la!” be woatsɔ akafu Mawu Tɔ́ lae.
12
Eya ta, nɔvinyewo, abe ale si mieɖoa tom ɣe sia ɣi ene la, togbɔ be nyemele mia gbɔ o hã, mido vevie nu wu ale si ne mele mia gbɔ la miewɔnɛ gɔ̃. Mitsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya wɔ dɔ si aƒo miaƒe ɖeɖe la ta la.
13
Mawu le dɔ wɔm le mia me, be yeana mialɔ̃ awɔ dɔ si adze eŋu.
14
Migalĩ liʋiliʋĩ le naneke wɔwɔ me o, eye migaɖe ɖeklemee hã o,
15
ale be le xexe gbegblẽ sia, si yɔ fũu kple nuvɔ̃ me la, miawo mianye Mawu vi maɖifɔ, siwo dza, eye mokaka aɖeke mele wo ŋu o la. Miawo la, miklẽ le xexemetɔwo dome abe keklẽ siwo le dziŋgɔli me la ene.
16
Milé nya si naa agbe la ɖe asi goŋgoŋ, ale be le Kristo ƒe ŋkeke la dzi la, mate ŋu aƒo adegbe be nyemeƒu du dzodzro, alo wɔ dɔ vlo o.
17
Nenye be wòahiã be woakɔ nye ʋu ɖe miaƒe xɔse, si le abe vɔsalã ene la dzi hã la, dzi adzɔm eye matso aseye kple mi katã.
18
Nenema ke wòle be miawo hã miakpɔ dzidzɔ atso aseye kplim!
19
Mele mɔkpɔkpɔ me be Aƒetɔ Yesu aʋu mɔ nam be maɖo Timoteo ɖe mia gbɔ kpuie, ale be wòagbɔ ava gblɔ mia gbɔnya nam, ne dzi nagadzɔm.
20
Le anukware me la, ame aɖeke mele asinye si atsɔ ɖe le miaƒe nya me abe eya ene o.
21
Ame bubuawo katã ya la, woawo ŋutɔ ƒe nyui ko dim wole, ke menye nu si nye Yesu Kristo tɔ o.
22
Miawo ŋutɔ mienya be Timoteo la, ame vevi wònye, eye be enɔ ŋunye kplíkplikpli le Nyanyui la kaka me, abe ale si viŋutsuvi nɔa tɔ́a ŋui la ene.
23
Eya ta mele mɔkpɔkpɔ me be ne menya ale si nye nyawo va le ko la, maɖoe ɖe mia gbɔ kaba.
24
Mexɔe se hã be Aƒetɔ la ŋutɔ aɖe mɔ na nye ŋutɔ hã be mava kpuie.
25
Mebui be ehiã be maɖo nɔvinye Epafrodito, ame si nye kplii míewɔ dɔ, eye míewɔ aʋa ɖekae la ɖe mi. Enye miaƒe amedɔdɔ kple ame si va kpe ɖe ŋunye.
26
Esi wònya be miese be yeƒe lã me gblẽ la, exa nu vevie, eye wòtsi dzi ŋutɔ, be yeakpɔ mi katã.
27
Le nyateƒe me la, edze dɔ, eye wòde kuku ge kloe, ke Mawu ve eya kple nye siaa nu. Ɖe menye nenema o la, anye ne nye vevesese awu tsɔtsɔ nam.
28
Esia tae nye ŋutɔ hã metsi dzi, be maɖoe ɖa, ale be ne miegakpɔe la, dzi nadzɔ mi, ne nye hã maɖe dzi ɖi vie.
29
Eya ta mixɔe alɔ eve le Aƒetɔ la ta kple dzidzɔ gã aɖe. Mide bubu ame siawo tɔgbe ŋu,
30
elabe etsɔ eɖokui ke, be yeawu subɔsubɔdɔ si miele wɔwɔm nam la nu, eye to esia wɔwɔ me la, eku kloe.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4