bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Romans 13
Romans 13
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 14 →
1
Ele be ame sia ame naɖo to dziɖulawo, elabe dziɖuɖu aɖeke meli, si menye Mawue ɖoe anyi o. Dziɖuɖu siwo li la, Mawu ŋutɔe ɖo wo anyi.
2
Eya ta ne ame aɖe tsi tre ɖe dziɖuɖu ŋu la, etsi tre ɖe nu si Mawu ɖo anyi la ŋu. Ame siwo awɔ esia la, woawo ŋutɔ ana be woadrɔ̃ ʋɔnu wo.
3
Ame siwo wɔa nu nyui la, mevɔ̃a dziɖulawo o; nuvɔ̃ɖi wɔlawoe vɔ̃a wo. Èdi be ame si le dzi ɖum la, megado ŋɔdzi na ye oa? Ekema wɔ nu nyui, ne wòakafu wò.
4
Dziɖula nye Mawu ƒe dɔla hena wò nyui, ke ne èwɔa nuvɔ̃ɖi la, vɔ̃ eyama, elabe wona ŋusẽe be wòawɔ eŋudɔ ale si dze. Mawu ƒe dɔtsɔla wònye be wòahe to na nuvɔ̃ɖi wɔlawo, atsɔ aɖe Mawu ƒe dziku afia.
5
Le esia ta la, ehiã be ame nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu, menye esi Mawu magado dziku ɖe eŋu ta ɖeɖe ko o, ke boŋ esi amea ƒe dzitsinya na wònya nu si dze be wòawɔ la hã ta.
6
Susu sia ta ke hãe miedzɔa duga ɖo, elabe dziɖulawo nye Mawu ƒe subɔla, siwo kpɔa nya siawo gbɔ.
7
Nu sia nu si wòle be miaxe na ame aɖe la, mixee nɛ; ame si wòle be woadzɔ nu na la, midzɔe nɛ; ame si wòle be miana adzɔe la, mina adzɔe; ame si wòle be woasi ɖa la, misii ɖa; ame si wòle be woatsɔ bubu na la, mitsɔ bubu nɛ.
8
Migana ame aɖeke ƒe nu nanye fe atsi mia ŋu o. Lɔlɔ̃ dzaa ko nanye fe si anɔ mia dome. Ame si lɔ̃ ehavi la, ewɔ se blibo la katã dzi.
9
Se siwo Mawu de be: “Mègawɔ ahasi o; mègawu ame o; mègafi fi o; mègabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe nu ŋu o,” kple bubuawo katã la ƒe taƒonyae nye se sia be: “Lɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃ wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.”
10
Ame si lɔ̃ ehavi la, eyae wɔ seawo katã dzi.
11
Azɔ la, miedze si ɣeyiɣi vevi si me miele. Game su be mianyɔ tso alɔ̃ me, elabe Mawu ƒe ɖeɖe la tu aƒe fifia wu esime míexɔ se teti la.
12
Zã va yi vɔ; ŋu le kekem. Mina míadzudzɔ nu siwo wowɔna le viviti me la wɔwɔ, ne míatsɔ aʋawɔnu, siwo ŋudɔ wowɔna le kekeli me la akpla.
13
Mina míanɔ agbe nyuie abe ame siwo le kekeli me zɔm la ene. Migana míanɔ aglo tum alo ano aha amu o. Migana míanɔ ahasi wɔm alo anɔ agbe nɔm yakayaka o. Migana míanɔ dzre wɔm alo anɔ ŋu ʋãm o.
14
Ke boŋ mina míado Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nɔnɔme abe awu ene, eye migana míanɔ ŋutilã la ŋuti bum ava zu eƒe nudzroamewo dzi wɔlawo o.
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16