bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Romans 16
Romans 16
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
1
Medi be matɔ asi mía nɔvinyɔnu Foebe, ame si nye subɔla vevi aɖe le Kenxrea-hame la me dzi na mi.
2
Mixɔe, esi wònye Aƒetɔ la tɔ ta, abe ale si wòdze be miaxɔ ame siwo ŋu wokɔ la ene. Kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe si wòhiã tso mia gbɔ la, minae, elabe eya hã kpena ɖe ame geɖe ŋuti; nye ŋutɔ hã mele eme.
3
Medo gbe na Priskila kple Akwila, ame siwo kpe ɖe ŋunye míewɔ dɔ hesubɔ Kristo Yesu ɖekae, esi míele hadede me kpakplii ta.
4
Wotsɔ woƒe agbe ɖo anyi ɖe tanye. Akpe na wo kakaka! Menye nye koe le akpea dam na wo o, ke hame siwo katã le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome la hãe.
5
Medo gbe na hame si le wo ƒeme la hã. Medo gbe na Epaineto, nye lɔlɔ̃tɔ si trɔ dzime va zu Kristo tɔ le Asia la.
6
Medo gbe na Maria, ame si wɔ dɔ kple vevidodo le mia dome la.
7
Medo gbe na nye ƒometɔwo, Androniko kple Yunio, ame siwo nɔ gaxɔ me kplim la hã. Wonye ame ŋkutawo le amedɔdɔawo dome, eye wozu Kristotɔwo do ŋgɔ nam.
8
Medo gbe na Ampliatus, nye lɔlɔ̃tɔ, si le hadede me kple Aƒetɔa la.
9
Medo gbe na Urbano, ame si hã le dɔ wɔm na Kristo kplim kple nye lɔlɔ̃tɔ Staxis.
10
Medo gbe na Apeles, ame si li ke le hadede kple Kristo me. Medo gbe na Aristobolo ƒometɔwo hã nyuie.
11
Medo gbe na nye ƒometɔ Herodion kple Narkiso ƒemetɔ, siwo le hadede me kple Kristo la.
12
Medo gbe na Trifaena kple Trifosa, ame siwo le Aƒetɔ la ƒe dɔ wɔm. Medo gbe na Persis lɔlɔ̃a, ame si le agbagba dzem eye wòle dɔ wɔm na Aƒetɔ la.
13
Medo gbe na Rufo, ame tiatia si le hadede me kple Aƒetɔ la kple dadaa, ame si nye nye hã danye.
14
Medo gbe na Asinkrito, Flego, Herme, Patroba, Herma kple nɔvi siwo le wo gbɔ la.
15
Medo gbe na Filologo kple Yulia, Nerea kple nɔvia nyɔnu kple Olimpa kpakple hametɔ bubu, siwo katã le wo gbɔ la.
16
Mido gbe na mia nɔewo eye ame sia ame nana asi nɔvia lɔlɔ̃tɔe. Kristo ƒe hameawo katã do gbe na mi nyuie.
17
Nɔviwo, mele nu xlɔ̃m mi be miade dzesi ame siwo hea memama dea amewo dome kple nuɖiaɖia vanɛ, eye wotsia tre ɖe nu si wofia mi la ŋu la. Midze na wo.
18
Elabe menye Aƒetɔ Yesu Kristo subɔm ame siawo le o, ke boŋ woawo ŋutɔ ƒe ƒodoe. Wotsɔa nya viviwo nɔa amewo kafum, eye woblea ame siwo mele vɔ̃ aɖeke susum o la.
19
Ke miawo ya la, ame sia ame nya ale si miele to ɖom Nyanyui lae, eya ta mekpɔa dzidzɔ le mia ŋuti. Nu si dim mele na mie nye be miadze nunya le nu nyui wɔwɔ me, ke le nuvɔ̃ɖi wɔwɔ gome ya la, mianye ame dzadzɛwo.
20
Eteƒe madidi o, Mawu si naa ŋutifafa la, agbã Satana gúdugudu ɖe miaƒe afɔ te. Mía Aƒetɔ Yesu Kristo neve mia nu.
21
Timoteo, ame si le dɔ ɖeka wɔm kplim, Lukio, Yason kple Sesipatro, ame siwo nye nye ƒometɔwo la, hã do gbe na mi nyuie.
22
Nye, Tertio, mia nɔvi si le hadede me kple Aƒetɔa la, hã medo gbe na mi. Nyee ŋlɔ agbalẽ sia.
23
Gayo, ame si gbɔ míedze, eye wònye mía kple hamea katã ƒe aƒetɔ la do gbe na mi. Erasto, dua ƒe gadzikpɔla kple mía nɔviŋutsu Kuarto do gbe na mi nyuie.
25
Mina míakafu Mawu! Ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔse le ale si wòna meɖe gbeƒã Nyanyui la tso Yesu Kristo ŋu kple ale si wòɖe nyateƒenya ɣaɣla si wòɣla ɖi tso keke gbe aɖe gbe ʋĩi ke fia la ta.
26
Ke azɔ la, Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe nuŋlɔɖiwo va na míenya wo, eye abe ale si Mawu mavɔtɔ la ɖoe ene la, ena dukɔwo katã nyae, ale be amewo katã naxɔ edzi ase ahaɖo toe.
27
Mina míakafu Mawu nunyala ɖeka hɔ̃ sia, to Yesu Kristo dzi, tso mavɔ me yi mavɔ me! Amen.
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16