bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Romans 5
Romans 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 6 →
1
Azɔ esi Mawu bu mí be míele dzɔdzɔe to xɔse me vɔ la, ŋutifafa le mía kple Mawu dome, to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi.
2
To eyama dzi la, mɔ ʋu na mí azɔ, be Mawu nave mía nu, eye míele eƒe amenuvenu la me fifia. Míele mɔ kpɔm kple dzidzɔ, be míawo hã míakpɔ gome le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la me.
3
Gawu la, míekpɔa dzidzɔ ne míexaxa gɔ̃ hã, elabe míenya be xaxawo nana be míesrɔ̃a dzidodo,
4
eye dzidodo nana be míelia ke, eye kelili nana be míesrɔ̃a ale si míakpɔ mɔe,
5
eye mɔkpɔkpɔ menana be míeɖua ŋukpe o. Elabe Mawu trɔ eƒe lɔlɔ̃ la kɔ ɖe míaƒe dzime to Gbɔgbɔ Kɔkɔe, si wona mí la dzi.
6
Elabe esime wɔna vɔ le mía ŋu keŋ la, ɣe ma ɣi me tututue Kristo ku ɖe ame mavɔ̃mawuwo ta.
7
Bebli hafi ame aɖe alɔ̃ be yeaku ɖe ame dzɔdzɔe aɖe ta; ɖewohĩ ame aɖe ado dzi be yeaku ɖe ame si nyoa dɔme na ame la ya ta.
8
Ke Mawu ɖe ale si wòlɔ̃ mí la fia mí, le esia me be, esime míeganye nuvɔ̃wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.
9
Ale, esi wobu mí be míele dzɔdzɔe le Kristo ƒe ku la ta la, Mawu aɖe mí geɖe wu tso eƒe dziku me.
10
Elabe esime míenye Mawu ƒe futɔwo la, Via ku ɖe mía ta helé avu mí. Esi wòlé avu mí vɔ fifia la, ele mía ɖe ge geɖe wu, elabe ele agbe.
11
Menye ema ɖeɖe koe o, ke boŋ Mawu wɔe be míawo hã míekpɔa dzidzɔ, to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, elabe eyae lé avu le mía kple Mawu dome.
12
Nu vɔ̃ to ame ɖeka ko dzi ge ɖe xexea me, eye ku to nuvɔ̃ dzi va. Ale ku kaka ɖe amegbetɔƒomea katã dome elabe ame sia ame wɔ nuvɔ̃.
13
Le nyateƒe me la, nuvɔ̃ nɔ xexea me hafi Mose ƒe se la va. Ke ne se meli o la, womebua naneke be enye nuvɔ̃ o.
14
Tso Adam ŋɔli ʋuu va se ɖe Mose ŋɔli la, ku nɔ ame wum. Evɔ la, ame siwo wum wònɔ la ƒe nuvɔ̃wo mele abe esi Adam wɔ la ene hafi o. Adam de sɔsɔ ge kple ame si le vava ge la.
15
Nenye be ame geɖewo ku le vo, si ame ɖeka aɖe da ta la, ekema eme kɔ ƒãa be Mawu ave ame geɖewo nu, eye wòatsɔ eƒe nunana la ana wo faa geɖe wu, le ale si ame ɖeka ma, si nye Yesu Kristo la, ve mía nui la ta.
16
Nunana si Mawu na faa la, mele abe nu si ame ɖeka ma ƒe nuvɔ̃ he vɛ la ene o. Nu vɔ̃ si ame ɖeka ma wɔ la, wodrɔ̃ ʋɔnu, bu fɔ; ke nunana si Mawu na faa la wɔe be wobu ame geɖe siwo wɔ nuvɔ̃ la ya boŋ be wole dzɔdzɔe.
17
Eme kɔ ƒãa be ame ɖeka ƒe nuvɔ̃, si wòwɔ la na be ku va ɖu dzi, le ame ɖeka sia ta. Ke nunana si Mawu ve ame nu hena faa la wɔ dɔ geɖe wu sãa! Ewɔ ame siwo xɔe la be wole dzɔdzɔe, eye ŋusẽ ɖo wo ŋu be woanɔ agbe, le ame ɖeka ma, si nye Yesu Kristo la ta.
18
Ale, abe ale si ame ɖeka ƒe nuvɔ̃, si wòwɔ na be wobu fɔ amewo katã be wo tɔ medzɔ o ene la, nenema ke ame ɖeka aɖe ƒe nu dzɔdzɔe si wòwɔ la, na be wodo ɣé na amewo katã be wo tɔ dzɔ, eye woxɔ wo ɖe agbe.
19
Abe ale si ame ɖeka ƒe tomaɖomaɖo na be amewo katã zu nuvɔ̃wɔlawo ene la, nenema ke ame bubu hã ƒe toɖoɖo le nana ge be ame geɖe nazu ame dzɔdzɔewo.
20
Se la ya ɖeko wòva be nuvɔ̃ wɔwɔ nagasẽ ŋu ɖe edzi; ke afi si nuvɔ̃ wɔwɔ sẽ ŋu le la, Mawu gavea ame nu geɖe wu.
21
Ale be, abe ale si nuvɔ̃ ɖu dzi kple ku ene la, nenema ke Mawu ƒe amenuvenu hã le dzi ɖumee, be ame nawɔ nu dzɔdzɔe, ale be wòava nɔ agbe mavɔ to Yesu Kristo mía Aƒetɔ la dzi.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16