bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ruth 2
Ruth 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 3 →
1
Azɔ Naomi srɔ̃, Elimelex, ƒe ƒometɔ aɖe li si ŋkɔe nye Boaz. Alɔ me le esi ŋutɔ.
2
Gbe ɖeka Rut, Moab-nyɔnu la, gblɔ na Naomi be: “Na mayi agble aɖafɔ lu si ge ɖe amewo yome la. Ðewohĩ ame aɖe anyo dɔme nam be mafɔe le ye yome.” Naomi ɖo eŋu be: “Vinye, heyi.”
3
Ale Rut yi agblea, eye wònɔ luxalawo yome. Eva eme be agble si me Rut yi la nye Elimelex ƒe ƒometɔ, Boaz tɔ.
4
Tete Boaz tso Betlehem va ɖo. Edo gbe na luxalawo be: “Aƒetɔ la nenɔ kpli mi!” Woɖo eŋu be: “Aƒetɔ la neyra wò!”
5
Azɔ Boaz bia eƒe dɔla si le dɔwɔlawo dzi kpɔm la be: “Ame ka ƒe nyɔnuvie nye ema?”
6
Dɔdzikpɔla la ɖo eŋu be: “Moab-nyɔnuvi si gbɔ kple Naomi tso Moab-nyigba dzi lae.
7
Eva bia be yeanɔ luxalaawo yome anɔ lu si ge ɖi la fɔm. Tso ŋdi kanya, esi wòva la, dɔ dzi ko wòle; megbɔ ɖe eme vie hã kpɔ o.”
8
Tete Boaz gblɔ na Rut be: “Vinye, see ɖa. Mègadzo le agble sia me yi lufɔƒe le bubu me o, ke nɔ nye dɔlanyɔnuwo yome.
9
Lé ŋku ɖe agble si me wole lua xam le la ŋu, eye nànɔ wo yome. Megblɔ na dɔwɔlaawo be wo dometɔ aɖeke nagaɖe fu na wò o. Ne tsikɔ le wuwòm la, yi ɖe ze siwo me dɔwɔlaawo du tsi ɖo la gbɔ, nàno tsi.”
10
Tete Rut de ta agu tsyɔ mo anyi, eye wògblɔ nɛ be: “Ale ke wɔ wò dɔme trɔ ɖe nye amedzro ŋu, eye nèlé ŋku ɖe ŋunye ale?”
11
Ke Boaz ɖo eŋu nɛ be: “Wogblɔ nu siwo katã nèwɔ na lɔ̃xowò tso esime srɔ̃wò ku la nam keŋ. Wobe ègblẽ nɔwò kple tɔ́wò kpakple mia denyigba ɖi, eye nèva dukɔ si me tɔwo mènya tsã kura o la me.
12
Aƒetɔ neɖo nu si nèwɔ la teƒe na wò. Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu si nèva sí tso la nexe fetu dedee na wò.”
13
Tete Rut gblɔ nɛ be: “Nye Aƒetɔ, ève nunye ŋutɔ elabe èfa akɔ nam, eye nèƒo nu dɔmenyotɔe na wò dɔlanyɔnu; togbɔ be nyemenye wò dɔlanyɔnuwo dometɔ aɖeke o hã.”
14
Esi nuɖuɣi ɖo la, Boaz gblɔ nɛ be: “Va ɖu nu le afii. Tsɔ abolo nàtɔ ataditsia me nàɖu.” Ale Rut nɔ anyi ɖe luxalaawo xa, eye Boaz tsɔ bli memee nɛ. Eɖu nua ɖi ƒo nyuie, eye ɖe gasusɔ.
15
Esi Rut tsi tsitre be yeayi lua fɔfɔ dzi la, Boaz gblɔ na dɔwɔlaawo be: “Mina ne wòafɔe le esi wobla da ɖi la dome, eye miganyra ɖee o.
16
Hekpe ɖe esia ŋu la, milũ ɖewo le bablaawo me da ɖi nɛ wòava fɔ. Miganyra ɖee o.”
17
Ale Rut fɔ lu le agblea me ʋuu va se ɖe fiẽ. Azɔ la, eƒo esi wòfɔ la ƒu, eye wòkpɔ lu abe kilo ewo ene.
18
Etsɔe yi aƒeme ɖafia lɔ̃xoa. Eɖe nu si wòɖu susɔ la hã nɛ.
19
Lɔ̃xoa biae be: “Afi ka nèyi ɖafɔ lua le egbe? Afi ka nèwɔ dɔ le? Mawu neyra ame si tsɔ le eme na wò.” Ale Rut gblɔ ame si gbɔ wòde ɖawɔ dɔ la na lɔ̃xoa. Ebe: “Ŋutsu si gbɔ mede ɖawɔ dɔ egbe la ŋkɔe nye Boaz.”
20
Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔvia be: “Aƒetɔ, ame si nyoa dɔme na agbagbeawo kple kukuawo siaa la, neyrae.” Naomi yi edzi gblɔ nɛ be: “Míaƒe ƒometɔ kpamkpam ye nye ŋutsua. Ame siwo wòle be woaxɔ na mí la dometɔ ɖekae.”
21
Rut gblɔ nɛ be: “Gawu la, ŋutsua gblɔ be manɔ yeƒe dɔlawo ŋu va se ɖe esime woaŋe nu le agble bliboa me vɔ.”
22
Tete Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔvia Rut be: “Vinye, enyo ŋutɔ be nànɔ eƒe dɔlanyɔnuwo ŋu, ne ame aɖeke nava wɔ fu wò le agble bubu me o.”
23
Ale Rut nɔ Boaz ƒe dɔlanyɔnuawo ŋu nɔ lu kple ƒo fɔm va se ɖe esime nuŋeɣi la wu nu. Enɔ lɔ̃xoa gbɔ.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4