bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ruth 3
Ruth 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 4 →
1
Gbe ɖeka Rut lɔ̃xo, Naomi, gblɔ nɛ be: “Vinye, nyemadi atsuƒe na wò nànɔ, wò dzi nadze eme oa?
2
Míaƒe ƒometɔe nye Boaz, ame si ƒe dɔlanyɔnuwo kple wò miewɔ dɔ. Kpɔ ɖa, egbe zã la, ele lu gbɔ ge le lugbɔƒe.
3
Eya ta yi ɖale tsi nàsi ami ʋeʋẽe, eye nàdo awu nyuie ne nàyi lugbɔƒe la. Ke mègana wòanya be nèva o, va se ɖe esime wòɖu nu, no nu vɔ.
4
Nenye be wòyi ɖamlɔ anyi la, de dzesi afi si wòmlɔ la nyuie. Azɔ yi nàklo avɔ le eƒe afɔ, eye nàmlɔ afi ma, ekema agblɔ nu si nàwɔ la na wò.”
5
Rut ɖo eŋu be: “Mawɔ nu siwo katã nègblɔ nam la.”
6
Ale wòyi lugbɔƒe la, eye wòwɔ nu sia nu si lɔ̃xoa gblɔ nɛ la.
7
Ke esi Boaz ɖu nu, no nu vɔ, eye dzi nɔ edzɔm la, eyi ɖamlɔ anyi ɖe afi si woƒo ƒu lua ɖo la ƒe mlɔenu. Rut va dzaa, eye wòklo avɔ le afɔgbɔ nɛ hemlɔ afi ma.
8
Le zã titina la, Boaz ɖi vo eye wòtrɔ. Kasia wòakpɔ la, nyɔnue nye esi mlɔ anyi ɖe eƒe afɔnu!
9
Ebia be: “Wò ame kae?” Rut ɖo eŋu be: “Nye Rut, wò dɔlanyɔnue. Medi be nàtsyɔ avɔ nam elabe wòe nye srɔ̃nyeɖia.”
10
Egblɔ nɛ be: “Vinye, Aƒetɔ neyra wò. Nuteƒe si nèwɔ fifia la le ɖase ɖim le ŋuwò wu esi nèwɔ va yi, elabe mèdze ɖekakpui kesinɔtɔwo alo esiwo da ahe la yome o.
11
Azɔ la, vinye, mègavɔ̃ o. Mawɔ nu siwo katã nèbia la na wò, elabe mía detɔwo katã nya be nyɔnu ɖɔʋu nènye.
12
Ele eme baa be menye ƒometɔ si ate ŋu axɔ na wò, gake ame bubu li te ɖe ŋuwò wum.
13
Tsi afii dɔ. Ne ŋu ke, eye ame sia axɔ na wò abe ƒometɔ si te ɖe ŋuwò wum ene la, enyo. Evɔ ne medi be yeaxɔ na wò o la, ekema metà Aƒetɔ gbagbe la be maxɔ na wò. Azɔ la, mlɔ afii va se ɖe fɔŋli.”
14
Ale wòmlɔ Boaz ƒe afɔnu va se ɖe fɔŋli. Efɔ hafi xexeme kɔ, woayi ame kpɔ ge adze sii, elabe Boaz gblɔ nɛ be megana ame aɖeke nanya be nyɔnu va lugbɔƒe la o.
15
Boaz gblɔ nɛ be: “Ðe wò taɖedzia ɖo ɖi.” Esi Rut ɖoe ɖi la, Boaz ku lu abe kilo bla eve ene kɔ ɖe edzi nɛ. Elée ɖo abɔta nɛ eye wòdzo yi aƒeme.
16
Esi Rut gbɔ va aƒeme la, lɔ̃xoa biae be: “Vinye, ale ke nèdee?” Rut gblɔ nu siwo katã ŋutsua wɔ nɛ la nɛ.
17
Ebe: “Etsɔ lu nudzidzenu ade sia nam hegblɔ be: ‘Mele be nàgbugbɔ ayi lɔ̃xowò gbɔ asi ƒuƒlu o.’ ”
18
Tete Naomi gblɔ nɛ be: “Vinye, wò ya gbɔ dzi blewuu ko; ànya ale si nya la ava yii godoo, elabe ne ŋutsua mekpɔ ta na nya la egbe o la, maɖe dzi ɖi akpɔ o.”
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4