bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ruth 4
Ruth 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
1
Azɔ Boaz yi takpeƒe le dua ƒe agbo nu ɖanɔ anyi ɖe afi ma. Kasia ƒometɔ si ŋu Boaz ƒo nu le lae nye esi va yina. Tete Boaz yɔe hegblɔ nɛ be: “Xɔ̃nye, te va nàva nɔ anyi.” Ale wòva nɔ anyi.
2
Boaz di dumemetsitsi ewo hã vɛ, gblɔ na wo be woanɔ anyi. Woawo hã nɔ anyi.
3
Azɔ edoe ɖe eƒe ƒometɔ la gbɔ be: “Naomi, ame si trɔ gbɔ tso Moab-nyigba dzi la le mía nɔvi, Elimelex, ƒe anyigba dzram.
4
Eya ta mebui be mana nyanya wò tso eŋuti. Nye susue nye be nàƒlee le ame siwo le afi sia kple míaƒe dumemetsitsi siwo nɔ anyi la ŋkume. Ne èdi be yeaxɔe la, xɔe, gake ne màxɔe o la, gblɔe ne mase elabe ame bubu aɖeke megali si axɔe wu wò o; nye koe gakplɔ wò ɖo.” Ŋutsua ɖo eŋu be: “Maxɔe.”
5
Boaz gblɔ nɛ be: “Ne èƒle anyigba sia le Naomi si la, nyae be yeaxɔ Rut, Moab-nyɔnu, ahosi la hã bene ameyinugbea ƒe ŋkɔ natsi domenyinuawo ŋu.”
6
Tete eƒe ƒometɔ la gblɔ be: “Togbɔ be nyee wòle be maxɔ nuawo hafi hã la, nyemate ŋu axɔ wo o, elabe nye ŋutɔ nye domenyinu dome ava gblẽ. Xɔ nuawo ɖe tenyeƒe faa; nyemate ŋu axɔ wo o.”
7
Tsã la, ne ame aɖe le nane xɔ ge alo le nane ɖɔli ge le ame bubu gbɔ la, kɔnuae nye be ame ɖeka ɖea eya ŋutɔ ƒe afɔkpa tsɔna na ame si le nua xɔm la. Nuwɔna sia ɖoa kpe nu si wo ame evea wɔ la dzi, eye wònye nyametsonu le Israelviwo dome.
8
Eya ta esi ƒometɔ la gblɔ na Boaz be: “Wò boŋ xɔ nuawo” la, eɖe eya ŋutɔ ƒe afɔkpa tsɔ na Boaz.
9
Azɔ Boaz gblɔ na dumemetsitsiawo kple dua me tɔwo katã be: “Miawoe nye nye ɖasefowo egbe, be meƒle domenyinu siwo katã nye Elimelex kple Xilion kpakple Maxlon tɔ la le Naomi si.
10
Nenema ke mexɔ Rut, Maxlon ƒe ahosi la hã ɖe, wòzu srɔ̃nye, ale be ameyinugbea ƒe ŋkɔ natsi domenyinua ŋu, eye magabu le nɔviawo dome alo wo de o. Miawoe nye nye ɖasefowo tso egbe.”
11
Takpeƒea valawo kple dumemetsitsiawo katã lɔ̃ ɖe edzi be: “Míenye wò ɖasefowo vavã. Aƒetɔ neyra nyɔnu si gbɔna aƒewò me la. Nena wòadzi abe ale si Raxel kple Lea dzii ene. Ame eve siawoe tso Israel ƒe aƒe la, eye wona wòkeke ta. Nu nedze edzi na wò le Efrata-ƒomea me, eye wò nu nyui wɔwɔ nade du le Betlehem.
12
Vi siwo Aƒetɔ ana nyɔnu sia nadzi na wò la, nana wò aƒe nanɔ abe Perez, ame si Tamar dzi na Yuda la, tɔ ene.”
13
Ale wɔ Boaz ɖe Rut wòzu srɔ̃a. Enɔ anyi kplii, eye Aƒetɔ na nyɔnua fɔ fu hedzi ŋutsuvi.
14
Nyɔnuwo gblɔ na Naomi be: “Woakafu Aƒetɔ, be mete domenyila wò o. Ðevi sia ŋkɔ nede du le Israel-dukɔa me!
15
Ana agbe yeye nagaɖo mewò, eye wòakpɔ dziwò ne èku nyagã, elabe wò lɔ̃xoyɔvi si dzii na wò la, lɔ̃ wò ŋutɔ; ewú viŋutsuvi adrẽ gɔ̃ hã na wò.”
16
Naomi xɔ ɖevi la ɖe akɔ, eye wòzu enyila.
17
Eƒe aƒelikawo tsɔ ŋkɔ na ɖevia be Obed. Wogblɔ na amewo be: “Wodzi ŋutsuvi na Naomi.” Obed ye va zu Yese tɔ́, ame si dzi David.
18
Perez ƒe dzidzimeviwoe nye esi: Perez dzi Xezron.
19
Xezron dzi Ram, eye Ram dzi Aminadab.
20
Aminadab dzi Naxeson, eye Naxeson dzi Salma.
21
Salma dzi Boaz, eye Boaz dzi Obed.
22
Obed dzi Yese, eye Yese dzi David.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
All chapters:
1
2
3
4