bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Zephaniah 1
Zephaniah 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 2 →
1
Gbedeasi sia nye nya si Aƒetɔ gblɔ to Zefanya dzi, esime Yosiya, Amon vi, nye fia le Yuda-nyigba dzi. Zefanya nye Kusi, Gadalya, Amarya kple fia Xizkiya ƒe dzidzimevi.
2
“Mele nu sia nu tsrɔ̃ ge ɖa keŋkeŋ le anyigba dzi.” Aƒetɔ lae gblɔe.
3
“Matsrɔ̃ amegbetɔ, lã, xe kple ƒumelãwo katã. Matsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo keŋ. Maɖe amegbetɔƒomea ɖa le anyigba dzi.” Aƒetɔ lae gblɔe.
4
“Mahe to na Yuda kple Yerusalemnɔlawo katã. Maɖe Baal ƒe mamlɛa kple nunɔla siwo subɔa trɔ̃ la ƒe ŋkɔ ɖa le teƒe sia.
5
Matsrɔ̃ ame sia ame si yia xɔta ɖasubɔa ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo la, ame siwo subɔa Aƒetɔ, eye ne woka atam nam vɔ la, wogatsɔa mawu Milkom ŋkɔ nɔa atam kamee la hã.
6
Matsrɔ̃ ame siwo katã trɔ le Aƒetɔ yome kple ame siwo media Aƒetɔ alo biaa eta sena o.”
7
Mizi ɖoɖoe le Aƒetɔ Mawu ŋkume! Elabe Aƒetɔ ƒe ŋkeke la tu aƒe. Aƒetɔ dzra vɔsa ɖo, eye wòkɔ ame siwo wòkpe la ŋu.
8
Le Aƒetɔ ƒe vɔsagbe la, “Mahe to na amegãwo kple fiaviŋutsuwo kpakple ame siwo katã doa awu abe dukɔ bubu me tɔwo ene.
9
Gbe ma gbe mahe to na ame sia ame si tia kpo flɔa kpuiwo, eye wotsɔa ŋutasesẽ kple amebaba xɔa nuwo le amewo si fũu va kɔna ɖe woƒe aƒetɔ ƒeme gleglegle.”
10
Aƒetɔ be: “Gbe ma gbe asiƒunu aɖi le Tɔmelãgbo nu le Yerusalem-du me. Miase avifafa le dua ƒe To Evelia, eye nu gbagbã ƒe ɖiɖi sesĩe atso togbɛwo dzi.
11
Mi Tomenɔlawo, mifa avi, elabe asitsalawo katã megali o, wotsrɔ̃ ame siwo katã daa klosalo.
12
Ɣe ma ɣi la, matsɔ akaɖi atsa le Yerusalem-dua me. Mahe to na ame siwo katã ƒe dzi dze eme, woɖe dzi ɖi, eye wogblɔna na wo ɖokui be: ‘Aƒetɔ mele nyui alo vɔ̃ wɔ ge o.’
13
Woaha woƒe kesinɔnuwo, eye woagbã woƒe aƒewo. Togbɔ be wotu xɔwo hã la, womanɔ wo me o. Togbɔ be wode waingblewo hã la, womano wain tso wo me o.”
14
Aƒetɔ ƒe ŋkeke gã la tu aƒe; egogo vɔ, eye wòle du dzi sesĩe gbɔna. Aƒetɔ ƒe ŋkeke la le vevem helihelĩ, ŋutsu kalẽtɔwo ado aʋaɣli bobobo gbe ma gbe.
15
Ŋkekea anye dɔmedzoegbe, fukpegbe kple xaxagbe. Anye aƒegbãgbe kple nugblẽgbe; anye blukɔdogbe kple vivitidogbe; anye alilikpodogbe kple tsizidogbe;
16
anye aʋayikpẽɖigbe kple aʋaɣlidogbe ɖe du sesẽwo kple gbetakpɔxɔ kɔkɔwo ŋu.
17
Mana amegbetɔwo naxaxa, ale be woazɔ abe ŋkunɔwo ene, le vɔ̃ si wowɔ ɖe Aƒetɔ ŋuti ta. Woakɔ woƒe ʋu ɖi abe tsi ene, eye woatsɔ woƒe ŋutilã aƒu gbe abe mí ene.
18
Woƒe klosalo kple sika mate ŋu aɖe wo le Aƒetɔ ƒe dɔmedzoeŋkeke la dzi o. Le ŋkeke ma dzi la, eƒe ŋuʋaʋã si nu sẽ abe dzo ene afiã xexea me katã. Ẽ, elabe atsrɔ̃ anyigbadzinɔlawo katã zi ɖeka kpata, eye woavɔ ɖa keŋkeŋ.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3