bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Zephaniah 2
Zephaniah 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 3 →
1
O, mi dukɔ si ŋu mekpena o, miƒo ƒu ne miabu tame ɖekae
2
hafi woalɔ mi ɖe nu abe nutsro ene, hafi Aƒetɔ ƒe dziku helihelĩ la nava mia dzi, hafi Aƒetɔ ƒe dɔmedzoedogbe nava mia dzi.
3
Midi Aƒetɔ, mi ame siwo katã bɔbɔa mia ɖokui le anyigba dzi, eye miewɔa eƒe sewo dzi la. Midi nu dzɔdzɔe wɔwɔ, eye midi ɖokuibɔbɔ. Ðewohĩ woaɣla mi le Aƒetɔ ƒe dɔmedzoedogbe.
4
Ame aɖeke masusɔ ɖe Gaza-du me o, eye Askalon azu aƒedo. Woanyà Asdod ŋdɔ kutsu dzatsɛ, eye woanyà Ekrontɔwo hã woadzo.
5
Baba na mi ƒutanɔlawo, mi Kreta-dukɔmetɔwo! Aƒetɔ ƒe nya tsi tre ɖe mia ŋu. Ao, Kanaan, Filistitɔwo ƒe anyigba, matsrɔ̃ mi va se ɖe esime ame aɖeke masusɔ o.
6
Ao, ƒutanyigba, ele gbeɖuƒewo zu ge, azu lãnyiƒewo na alẽkplɔlawo kple lãkpɔwo na alẽhawo.
7
Ame siwo susɔ le Yuda-nyigba dzi la axɔ ƒutanyigba la. Woanyi woƒe alẽhawo le afi ma, eye le fiẽ me la, woatsi aƒe siwo le Askalon me adɔ. Elabe Aƒetɔ, woƒe Mawu la, aɖo ŋku wo dzi, eye wòagbugbɔ woƒe nunyonamewo aɖo te.
8
“Mese ale si Moabtɔwo le alɔ me ɖem, eye Amonviwo le nya vlowo gblɔm ɖe nye dukɔ ŋu, eye wole kakam be yewole eƒe anyigba xɔ ge.
9
Eya ta Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la, be: “Zi ale si mele agbe la, Moab azu abe Sodom ene, eye Amonviwo abe Gomora ene; anyigba si ayɔ fũu kple ŋuve, dzeƒee kple gbegbe tegbee. Ame siwo susɔ le nye dukɔ me la aha wo, eye ame siwo tsi agbe le nye dukɔ me la, woaxɔ woƒe anyigba.”
10
Esia anye woƒe gome le woƒe dàda ta. Elabe woɖe alɔ me, eye woka ɖe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ƒe dukɔ ŋu.
11
Aƒetɔ ado ŋɔdzi na wo. Ẽ, ana dɔ nawu anyigba dzi legbawo katã, ekem dukɔwo katã ade ta agu nɛ, ɖe sia ɖe le enɔƒe, le dukɔwo ƒe anyigbawo katã dzi.
12
Mi Etiopiatɔwo hã, nye yi awu mi.
13
Ado asi ɖe dzigbeme atsrɔ̃ Asiria ɖa. Ana Ninive-du nazu gbegbe, aƒu kplakplakpla abe kegbegbe ene.
14
Anye teƒe si lãhawo kple gbemelã vovovowo ava tsyɔ akɔ anyi ɖo. Akaga kple hlɔ̃madewo anɔ woƒe glikpowo me. Adzexewo anɔ xɔxlɔ̃m le fesre gbagbãwo nu. Akpaviawo anɔ xɔxlɔ̃m le xɔmɔnuwo elabe sederʋuƒowo atsi go.
15
Esiae nye du si wodo ɖe dzi, eye wòli bɔkɔɔ. Egblɔna le eɖokui me be: “Nye koe, ame aɖeke megali o.” Ke azɔ la, eva zu gbegbe, gbemelãwo ƒe nɔƒe! Ame sia ame si ato eŋu la, ado tsiã, aʋuʋu asi.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3