bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Zephaniah 3
Zephaniah 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
1
Baba na Yerusalem, du ƒoɖi, tosẽla, ŋutasẽla.
2
Meɖoa to Aƒetɔ o, eye medina be woahe to na ye o. Meɖoa dzi ɖe Aƒetɔ ŋu alo tena ɖe eƒe Mawu ŋu o.
3
Eƒe amegãwo le abe dzata, siwo le gbe ɖem la ene; eƒe ʋɔnudrɔ̃lawo ya le abe fiẽ amegãxi siwo womesusɔa naneke ɖi ŋu kena o la ene.
4
Eƒe gbeƒãɖelawo nye movitɔwo, womate ŋu axɔ wo dzi ase o. Eƒe nunɔlawo gblẽa kɔ ɖo na nu kɔkɔe la, eye wotrɔa se la.
5
Aƒetɔ si le eme la le dzɔdzɔe, mewɔa nu gbegblẽ aɖeke o. Ŋdi sia ŋdi la, eɖea eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ fiana, medana ƒu le fɔŋli aɖeke o. Ke nu madzɔmadzɔ wɔla, menya ŋukpe aɖeke o.
6
“Metsrɔ̃ dukɔwo; eye woƒe xɔ sesẽ kɔkɔtɔwo katã zu glikpo ɖi dzoɣlii. Woƒe ablɔwo tsi ƒuƒlu, ame megatoa wo me yina o. Duawo gbã zu aƒedo, eye ame vɔ le wo me.
7
Megblɔ be: ‘Mebu be woavɔ̃m, eye woalɔ̃ axɔ hehe si mana wo la, ale be womaŋlɔ nu si wosrɔ̃ tso gbɔnye la be o.’ Ke wogbe be yewomatrɔ nɔnɔme o; wogale nuvɔ̃ɖi wɔwɔ dzi.”
8
Aƒetɔ be: “Milala va se ɖe gbe si gbe matso abe ɖasefo ene ɖe dukɔwo ŋu. Elabe meɖoe be maƒo dukɔwo kple fiaɖuƒewo nu ƒu ale be matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi, nye dziku helihelĩ la katã. Elabe le nye dɔmedzoe ƒe ŋuʋaʋã ƒe dzo la me la, anyigba blibo la katã afiã.”
9
“Ẽ, ɣe ma ɣi la, matrɔ dukɔwo ƒe nuƒo wòadza, be wo katã nayɔ Aƒetɔ ŋkɔ, eye woasubɔe kple nusɔsɔ.
10
Nye ame siwo ka hlẽ yi keke Nubia-tɔsisiwo godo ke hã ƒe viwo agbɔ va, eye woatsɔ vɔsanuwo vɛ nam.”
11
“Gbe ma gbe la, womado ŋukpe mi le nu siwo miewɔ tsɔ dze aglãe ɖe ŋunye la ta o. Elabe ɣe ma ɣi la, maɖe miaƒe dàdala ɖokuidoɖedzilawo ɖa le mia dome, eye miagado mia ɖokui ɖe dzi, le nye to kɔkɔe la dzi o.
12
Elabe magblẽ ɖokuibɔbɔlawo kple ame siwo mewɔa wo ɖokui gã o la, ɖe mia dome. Woadi sitsoƒe le Aƒetɔ me.
13
Israelvi siwo asusɔ ɖi la, mawɔ nu gbegblẽ o; womaka aʋatso loo, alo awɔ alakpanu o. Agbenɔnɔ adze edzi na wo. Woaɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, eye ame aɖeke mado vɔvɔ̃ na wo gbeɖe o.”
14
Zion vinyɔnu, dzi dzidzɔha; O Israel, do ɣli! Yerusalem-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ, na wò dzi navu gblotoo!
15
Aƒetɔ he to na wò vɔ, eye wòkplɔ wò futɔwo dzoe. Aƒetɔ, Israel Fia la, li kpli mi azɔ; miagavɔ̃ nuvɔ̃ɖi aɖeke azɔ o.
16
Gbe ma gbe la, woagblɔ na Yerusalem be: “Zion-du, mègavɔ̃ o! Abɔ megaku wò o!
17
Aƒetɔ, wò Mawu la le dowòme; kalẽtɔ si naa dziɖuɖu wònye. Aƒetɔ akpɔ dzidzɔ le ŋuwò ŋutɔ, eye wòatsɔ lɔlɔ̃ agbɔ agbe wò. Adzi dzidzɔhawo, atso aseye ɖe ŋuwò,
18
abe ŋkekenyui ɖugbe ene. Maɖe dzɔgbevɔ̃e ɖa le mia dzi ale be ŋu makpe mi o.
19
Kpɔ ɖa, ɣe ma ɣi la, matu nu kple ame siwo katã te mi ɖe anyi la, maxɔ na tekunɔwo, maƒo ame siwo woɖe le ame dome la nu ƒu. Matrɔ woƒe ŋukpe la wòazu kafukafu, eye wo ŋkɔ ade dzi le anyigba blibo la dzi.
20
Ɣe ma ɣi la, makplɔ mi agbɔ va aƒee. Ame siwo katã ka hlẽ la, maƒo wo nu ƒu. Ẽ, mana mia ŋkɔ nanyɔ, eye woakafu mi le anyigba dzi dukɔwo katã dome, ne megbugbɔ miaƒe nunyonamewo ɖo te le mia ŋkume.” Aƒetɔ lae gblɔe.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
All chapters:
1
2
3