bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Genesis 38
Genesis 38
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 37
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 39 →
1
Le ɣemaɣi me la Yuda ʋu le nɔviawo gbɔ heyi ɖe Xira. Adulamtɔ la gbɔ.
2
Afima Yuda kpo Kanaantɔ Sua ƒe vinyɔnu le, eye woɖee, eye wòdo kplii.
3
Eye wòfa fu hedzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Ger.
4
Eyome la efɔ fu gadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Onan.
5
Emegbe la egadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Sela. Enɔ Kesib hafi dzii.
6
Eye Yuda ɖe srɔ̃ na eƒe ŋgɔgbevi Ger, eŋku nye Tamar.
7
Ke Yuda ƒe ŋgɔgbevi Ger enye ame vɔ̃ɖi le Yehowa ƒe ŋku me, eyata Yehowa wui.
8
Tete Yuda gblɔ na Onan bena: Ɖe nɔviwò srɔ̃ ahoe, bena nado ƒome ɖi na nɔviwò.
9
Ke esi Onan nya bena, ɖeviawo manye ye tɔ o la, ɖaa ne edɔ nɔvia srɔ̃ gbɔ la, enana tsi la duduna ɖe anyigba, bena yemagado ƒome ɖi na nɔvia o.
10
Nuwɔwɔ sia vɔ̃ɖi le Yehowa ƒe ŋku me, eyata wowu eya hã.
11
Eye Yuda gblɔ na lɔ̃xoa Tamar bena: Yi fofowò ƒe me, eye nanye ahosi, vaseɖe esime vinye Sela natsi. Elabena ele vɔvɔ̃m bena, eya hã ava ku abe nɔviawo ke ene. Tete Tamar yi ɖanɔ fofoa ƒe me.
12
Le ŋkeke geɖewo megbe la Sua vinyɔnu, si nye Yuda srɔ̃ la ku. Eye esi Yuda fa nɛ vɔ la, eya kple xɔlɔ̃a Xira, Adulamtɔ la woyi ɖe Timnat, be woakpɔ amesiwo le fu sẽm na eƒe alẽwo la ɖa.
13
Ke esi wogblɔ na Tamar bena, toa gbɔna va Timnat fu sẽ ge na eƒe alẽwo la,
14
eɖe eƒe ahovɔwo ɖi, tsɔ motsyɔnu tsyɔ ŋku me, eye wòtsyɔ avɔ blukɔɔ heva bɔbɔ nɔ Enaim-gbo, si le Titmnat-mɔ dzi la nu; elabena ekpɔ be, Sela tsi, gake wometsɔ ye nɛ, be wòaɖe o.
15
Ke esi Yuda kpɔe la, ebu be, gboloa ɖee; elabena etsyɔ nu ŋku me.
16
Tete wòdze yi ɖe egbɔ gblɔ bena: Na mamlɔ gbɔwò! Elabena menyae bena, lɔ̃xoa wònye o. Eɖo ŋu nɛ bena: Nuka nanam hafi amlɔ gbɔnye?
17
Egblɔ bena: Malé gbɔ̃tsu ɖeka le lãhawo me aɖo ɖe wò. Eɖo ŋu bena: Ekema tsɔ nane ɖo awɔba nam, vaseɖe esime naɖoe ɖem.
18
Eye wòbiae bena: Nuka matsɔ aɖo awɔba na wò mahã? Eɖo ŋu be: Wò ŋkɔsigɛ, si nètsɔna ɖoa ŋkɔ nu dzi, kple eŋuti ka kpakple wò atikplɔ, si le asiwò la! Tete wotsɔ wo nɛ, eye wòmia egbɔ, eye wòfɔ lu nɛ.
19
Tete wòdzo yi, eye wòɖe motsyɔnu la ɖi gatsɔ eƒe ahovɔwo ta.
20
Emegbe la Yuda tsɔ gbɔ̃tsu la ɖe xɔlɔ̃a Adulamtɔ la si, be wòaxɔ awɔbaɖonu la le nyɔnu la si; gake mekpɔe o.
21
Eye wòbia dua me ŋutsuwo bena: Afika gbolo, si nɔ Enaim-mɔ dzi la le? Woɖo eŋu ne bena: Gboloa ɖeke menɔ afisia kpɔ o.
22
Tete wòtrɔ yi Yuda gbɔ gblɔ bena: Nyemekpɔe o, eye dua me ŋutsuwo hã gblɔ bena, gboloa ɖeke menɔ afisia kpɔ o.
23
Yuda gblɔ bena: Nenɔ esi ko! Ne menya ɖu fewu le mía ŋuti o ko. Meɖo gbɔ̃tsu la ɖee, ke mèkpɔe o.
24
Anɔ ɣleti etɔ̃ megbe la wogblɔ na Yuda bena: Lɔ̃xowò Tamar wɔ ahasi, eye wòfɔ fu ɖe eme. Tete Yuda gblɔ bena: Mikplɔe ɖo goe, ne míatɔ dzoe!
25
Ke esi wokplɔe do goe la, edɔ ame ɖo ɖe toa gbɔ gblɔ bena: Ŋutsu, si ƒe nu enye esiawo la, eyae ɖo fum. Eye wògblɔ bena: Lé ŋku ɖe eŋu nyuie be, ameka tɔ enye ŋkɔsigɛ la kple eŋuti ka kpakple alikplɔ la mahã?
26
Esi Yuda ɖe ŋku ɖee nyuie la, egblɔ bena: Etɔ dzɔ wu tanye, elabena nyematsɔe na vinye Sela wòɖe o. Tso ema dzi la megade asi eŋu kpɔ o.
27
Ke esi eƒe vidziɣi ɖo la, wokpɔ be, venɔviwo le eƒe dɔ me.
28
Esime wòle vi dzim la, ɖeka do asi ɖa. Tete vixela tsɔ ka dzia ɖe sa ɖe asi ŋu nɛ gblɔ bena: Esiae tre dodo.
29
Ke esi wògahe asi ɖe eme la, nɔvia do, eye vixela gblɔ bena: Nukaŋuti nèdze le nɔviwò ŋu ale? Eyata wòna ŋkɔe bena: Perez.
30
Emegbe la nɔvia, si ƒe asi ŋu ka dzi le la, hã do; eyata wona ŋkɔe bena Serax.
← Chapter 37
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 39 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50