bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Genesis 39
Genesis 39
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 38
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 40 →
1
Eye esi wokplɔ Yosef va Egipte la, Egiptetɔ Potifar, Farao ƒe aƒedzikpɔla kple eŋuti mewo ƒe amegã la ƒlee le Ismaeltɔ, siwo kplɔe yi afima la si.
2
Ke Yehowa nɔ kple Yosef, eye nusianu dze edzi nɛ nyuie, eye wònɔ eƒe aƒetɔ, Egiptetɔ la, ƒe me
3
Esi eƒe aƒetɔ kpɔ bena, Yehowa li kplii, eye Yehowa na nusianu, si wòwɔna, dzea edzi nɛ la,
4
eve Yosef nu, eye wòtsɔe wɔ eƒe subɔlae, eye wòtsɔe ɖo eƒe me nu wo dzikpɔlae hetsɔ eƒe nuwo katã ɖe esi.
5
Tso esime wòtsɔe ɖo eƒe aƒe me nuwo dzikpɔlae, eye wotsɔ eƒe nuwo katã de esi la, Yehowa yra Egiptetɔ la ƒe aƒe le Yosef ta, eye Yehowa ƒe yayra le nusiwo katã le esi le aƒe me kple agble me la dzi.
6
Eye wotsɔ eƒe nuwo katã de Yosef si, eye megatsɔ ɖeke le nyaa ɖeke me o, negbe eƒe nuɖuɖu ko. Eye Yosef nyo, eye wòdze ɖeka ŋutɔ.
7
Le nusiawo megbe la eƒe aƒetɔ srɔ̃ nɔa ahiãmoe ɖom ɖe Yosef ŋu, eye wògblɔ bena: Va mlɔ gbɔnye.
8
Ke egbe, eye wògblɔ na eƒe aƒetɔ srɔ̃ bena: Kpɔ ɖa, nye aƒetɔ megatsɔ ɖeke le aƒea ƒe nya me o, eye wòtsɔ eƒe nuwo katã ɖe asi nam.
9
Amea ɖeke meɖe nunye le aƒe sia me o, eye womeɖe naneke le eme nam o, negbe wò ko, elabena srɔ̃a nènye. Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?
10
Eye wonɔa nya sia gblɔm na Yosef ŋkeke sia ŋkeke, ke melɔ̃ be, yeamlɔ egbɔ, eye yeade asi eŋu o.
11
Gbe ɖeka esi wòva aƒea me, be wòawɔ eƒe dɔwo, eye aƒeametɔa ɖeke meli o la,
12
ele eƒe avɔ, eye wògblɔ bena: Va mlɔ anyi kplim! Ke egblẽ eƒe avɔ la ɖe esi me, eye wòsi do go le aƒea me.
13
Esi wòkpɔ be, egblẽ eƒe avɔ ɖe ye si hesi do go la,
14
eya aƒeametɔwo vɛ, eye wògblɔ na wo bena: Mikpɔ ɖa, ekplɔ Hebritɔ sia vɛ na mi, amesi ɖi be, yeado ŋukpe mí. Eva gbɔnye, be yeamlɔ anyi kplim, ke medo ɣli sesĩe!
15
Esi wòkpɔ be, medo ɣli sesĩe la, egblẽ eƒe avɔ ɖe gbɔnye, eye wòsi do go le aƒea me.
16
Eye wotsɔ eƒe avɔ ta da ɖe eɖokui gbɔ, vaseɖe esime eƒe aƒetɔ gbɔ.
17
Eye wògblɔ nya mawo ke na eya hã bena: Kpɔ ɖa, Hebri-kluvi, si nekplɔ vɛ na mi la, va gbɔnye, be yeado ŋukpem.
18
Ke esi medo ɣli sesĩe la, egblẽ eƒe avɔ ɖe gbɔnye, eye wòsi do go le aƒea me.
19
Esi eƒe aƒetɔ se nya, siwo srɔ̃a gblɔ nɛ bena: ale kple ale wò kluvi wɔ ɖe ŋunye la, dɔme vee ŋutɔ.
20
Eye Yosef ƒe aƒetɔ lée de gaxɔ, si me fia ƒe gatɔwo nɔna la me, eye wònɔ afima le gaxɔa me.
21
Ke Yehowa nɔ kple Yosef, eye wòna gaxɔdzikpɔla ƒe dzime kɔ ɖe eŋu, eye wòve enu.
22
Eye gaxɔdzikpɔla tsɔ gatɔ, siwo katã le gaxɔa me la, de Yosef si, eye nusianu, si wowɔna le afima la, eyae ɖonɛ na wo.
23
Eye gaxɔdzikpɔla metsɔ ɖeke le nusi wòwɔna la me o, elabena Yehowa li kplii, eye nusianu, si wòwɔ na la Yehowa na wòdzea edzi nɛ.
← Chapter 38
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 40 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50