bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Genesis 7
Genesis 7
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 8 →
1
Tete Yehowa gblɔ na Noa be na: Yi ɖe aɖakaʋu la me, wò ŋutɔ kple aƒewò me katã, elabena mekpɔ bena, ame dzɔdzɔe nènye le dzidzime sia dome.
2
Ɖe lã matsrimatsriwo katã atsu kple asi adreadre, kple lã tsitsriwo atsu kple asi eveveve.
3
Nenema ke naɖe dziƒoxe dzodzoewo hã atsu kple asi adreadre, bena woƒe ƒome natsi agbe le anyigba dzi.
4
Elabena esusɔ ŋkeke adre mana tsi nadza ɖe anyigba dzi ŋkeke blane kple zã hã blane, eye matsrɔ̃ nusianu, si mewɔ ɖe anyigba dzi.
5
Eye Noa wɔe, abe alesi Mawu de se nɛ ene.
6
Noa xɔ ƒe alafa ade, esime tsiɖɔɖɔ ɖe anyigba.
7
Eye Noa kple viaŋutsuwo kple srɔ̃a hekpe ɖe viaŋutsuawo srɔ̃wo ŋuti, woyi ɖe aɖakaʋu la me, hafi tsi va ɖe anyigba.
8
Lã matsrimatsriwo kple lã tsitsriwo kple xe dzodzoewo hekpe ɖe nusiwo katã tana le anyigba dzi la ŋuti
9
woyi ɖe Noa gbɔ atsu kple asi eveveve le aɖakaʋu la me, abe alesi Mawu de se na Noa ene.
10
Eye wòva me le ŋkeke adreagbe bena, tsi dza ɖe anyigba la dzi.
11
Esi Noa xɔ ƒe alafa ade, le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiadrelia dzi tututu la, anyigbatu me tsiwo katã ŋɔ, eye dziƒo nu ʋu.
12
Eye tsi dzi ɖe anyigba dzi ŋkeke blane kple zã blane sɔŋ.
13
Le ŋkeke ma dzi tututu Noa kple viaŋutsuwo: Sem, Xam kple Yafet kple Noa srɔ̃ hekpe ɖe viaŋutsuawo srɔ̃ etɔ̃awo ŋuti, woyi ɖe aɖakaʋu la me;
14
woawo kple gbemelãwo katã le woƒe ƒomeviwo nu kple aƒemelãwo katã le woƒe ƒomeviwo nu kple nu tata, siwo katã tana le anyigba dzi, le woƒe ƒomeviwo nu hekpe ɖe xewo kple nusiwo katã dzona la ŋuti le woƒe ƒomeviwo nu.
15
Eye lãwo tsyo ƒomevi, siwo me agbegbɔgbɔ le la, woyi de Noa gbɔ eveveve le aɖakaʋu la me.
16
Eye lã, siwo yi ɖe egbɔ la, wonye atsu kple asi; lã vovovowo yi ɖe egbɔ, abe alesi Mawu ɖe se nɛ ene. Eye Yehowa do ʋɔ ɖe enu.
17
Eye tsia le anyigba la ɖem ŋkeke blane sɔŋ, eye tsia le agbɔ sɔm hekɔ aɖakaʋu la ɖe dzi, ale bena, aɖakaʋu la le tsia ŋgɔ.
18
Eye tsia le ɖɔɖɔm ɖe dzi hesɔ gbɔ ɖe anyigba la dzi, eye aɖakaʋu la le tsatsam le tsia ŋgɔ.
19
Eye tsia do agbogbo de anyigba dzi ŋutɔŋutɔ hede to kɔkɔ, siwo katã le dziƒoa te la.
20
Eye tsia dɔ gbɔ to kɔkɔwo ta me abɔklugui wuiatɔ̃; ale wɔ, eye towo katã bu de tsia me.
21
Eye nu gbagbe, siwo ʋãa wo ɖokui le anyigba dzi; xe dzodzoewo, aƒemelãwo, gbemelãwo kple nusiwo katã tana le anyigba dzi, hekpe ɖe amewo ŋu, wo katã wotsi tɔ la me.
22
Nusianu, si agbegbɔgbɔ le eme, si gbɔna toa ŋɔti me, eye wonɔa agbe le anyigba ƒuƒui dzi la ku.
23
Nusianu, si nɔ anyigba dzi, tso amewo dzi vaseɖe aƒemelãwo kple nu tatawo kpakple dziƒoxe dzodzoewo dzi, wotsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi; negbe Noa kple nusiwo le egbɔ le aɖakaʋua me koe tsi agbe.
24
Eye tsia le ɖɔɖɔm ɖe anyigba dzi ŋkeke alafa ɖeka kple blaatɔ̃ sɔŋ.
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50