bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Genesis 9
Genesis 9
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 10 →
1
Eye Mawu yra Noa kple viaŋutsuawo, eye wògblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbe, eye miayɔ anyigba la dzi!
2
Metsɔ anyigba dzi lãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo katã kple nusiwo katã tana le anyigba dzi, kple tɔmelãwo katã de asi na mi, eye mianye vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi na wo.
3
Nu gbagbe, siwo katã ʋãna, nenema nu siawo katã metsɔ na mi, bena woanye miaƒe nuɖuɖu abe amagbewo ke ene.
4
Hafi lã, si ʋu tsi lã me na la, migaɖui o!
5
Ke mia ŋutɔwo miaƒe ʋu la, mabiae le lãwo kple amewo siaa si, mabia amesiame ƒe agbe le nɔvia si.
6
Amesi kɔ ameʋu ɖi la, amewo akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi; elabena Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ ame ɖo.
7
Ke miawo la midzi, ne miasɔ gbɔ, miʋã mia ɖokui le anyigba dzi, eye mikeke ta ɖe edzi!
8
Eye Mawu gblɔ na Noa kple viaŋutsuawo bena:
9
Kpɔ ɖa, mebia nu kpli mi kple míaƒe dzidzimeviwo
10
kpakple nu gbagbe, siwo katã le mia gbɔ, xe dzodzoewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã, esiwo le mia gbɔ, kple anyigba dzi lãwo tsyo ƒomevi, siwo do go le aɖakaʋu la me.
11
Mebia nu kpli mi bena, nyemagatsrɔ̃ ŋutilã sia ŋutilã kple tsiɖɔɖɔ o; tsi magaɖe anyigba agblẽ nu le edzi akpɔ o.
12
Eye Mawu gblɔ bena: Esia enye nubabla, si meɖo anyi le mía kple miawo kple nu gbagbe, siwo katã le mia gbɔ la dome hena dzidzimeawo katã tegbetegbe la ƒe dzesi.
13
Meɖo nye anyieʋɔ ɖe alilikpowo ŋu, bena wòanye nubabla, si le mía kple anyigba dome la ƒe dzesi.
14
Eye ava me bena, ne mele ƒu ƒom alilikpowo le dziƒo, eye anyieʋɔ ɖi ɖe alilikpoawo ŋu lã,
15
ekema maɖo ŋku nye nubabla, si mebia kpli mi kpakple ŋutilã sia ŋutilã, siwo me agbegbɔgbɔ le la dzi, eye tsi magaɖɔ aɖe anyigba la bena, nu gbagbewo katã natsrɔ̃ o.
16
Eyata ne anyieʋɔ do ɖe alilikpowo ŋu la, makpɔe ahaɖo ŋku nubabla, si le Mawu kple ŋutilã, siwo katã me agbegbɔgbɔ le le anyigba dzi dome la dzi tegbee.
17
Eye Mawu gblɔ na Noa bena: Esia enye nubabla, si meɖo anyi le mia kple ŋutilã, siwo katã le anyigba dzi dome la ƒe dzesi.
18
Noa ƒe viŋutsu, siwo do go le aɖakaʋua me la, woawo nye: Sem, Xam kple Yafet; Xam sia enye Kanaan fofo.
19
Noa viŋutsu etɔ̃ siawo me amegbetɔwo katã dzo tso hekaka ɖe anyigba blibo la katã dzi.
20
Eye Noa de asi agbledede me, eye wòde weingblea ɖe.
21
Ke esi wòno wein mu la, eɖe ama ɖe eƒe agbadɔ me.
22
Eye Xam, Kanaan fofo, kpɔ fofoa ƒe ama, eye wòɖagblɔe na nɔvia eveawo le xexe.
23
Tete Sem kple Yafet tsɔ avɔ lé ɖe abɔta hezɔ megbemegbee, eye wotsyɔe na wo fofo, eye wometrɔ kɔ kpɔ wo fofo ƒe ama o.
24
Ke esi aha la kɔ le mo na Noa, eye wòse nusi via ɖevitɔ wɔ ɖe eŋu la,
25
egblɔ bena: Woaƒo fi ade Kanaan, kluviwo ƒe kluvi wòanye na nɔviawo!
26
Eye wògagblɔbena: Woakafu Yehowa, Sem ƒe Mawu; eye Kanaan anye kluvi na wo!
27
Mawu ana be, Yafet ƒe nɔƒe nakeke ɖe nu, eye wòano Sem ƒe agbadɔwo me; eye Kanaan anye kluvi na wo!
28
Eye le tsiɖɔɖɔ la megbe la Noa ganɔ agbe ƒe alafa etɔ̃ kple blaatɔ̃, eye Noa ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa asieke kple blaatɔ̃, eye wòku.
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50