bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Thessalonians 1
1 Thessalonians 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 2 →
1
Nye Paulo kple Silvano kpakple Timoteo ye le agbalẽ sia ŋlɔm na mi, hame si le Tesalonika, eye wòle ha dem kple Mawu Tɔ́ la kpakple Aƒetɔ Yesu Kristo la. Mawu Tɔ́ la kple Aƒetɔ Yesu Kristo neve mia nu eye woana ŋutifafa mi.
2
Míedaa akpe na Mawu ɣe sia ɣi ɖe mi katã mia ta, eye ne míele gbe dom ɖa la, megblɔa miaƒe nya nɛ ɖaa.
3
Ne míele mía Mawu kple Tɔ́ la ŋkume la, míeɖoa ŋku edzi be miaƒe nuwɔna fia be miexɔ Mawu dzi se vavã, eye miaƒe agbagbadzedze hã ɖe miaƒe lɔlɔ̃ fia. Gawu la, ale si miele tsitre sesĩe la ɖee fia be miele mɔ kpɔm na mia Aƒetɔ Yesu Kristo.
4
Mía nɔviwo, mi ame siwo Mawu lɔ̃ vevie, míenya nyuie be Mawu ŋutɔe tia mi.
5
Nyanyui si míehe vɛ na mi la, menye nya ɖeɖe ko wònye míegblɔ na mi o, ke boŋ ŋusẽdɔ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã kpe ɖe eŋu, eye gawu la, míeka ɖe edzi be ele eme vavã. Esi míenɔ mia gbɔ la, míeɖe ame si ƒomevi míenye la fia mi, miekpɔ. Miawo tae míewɔ esia ɖo.
6
Mieto míawo kpakple Aƒetɔ la ƒe afɔtoƒe eya ta, togbɔ be miekpe fu geɖe ŋutɔ le nya la xɔxɔ me hã la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la do ŋusẽ mi, miekpɔ dzidzɔ.
7
Esia wɔe be mieva zu kpɔɖeŋu na xɔsetɔ siwo katã le Makedonia kple Axaya.
8
Menye ɖeko Aƒetɔ la ƒe nya la ɖi tso mia nu hoo de Makedonia kple Axaya amewo se o, ke boŋ ale si miexɔ Mawu dzi see la hã kaka de afi sia afi, ale be megahiã gɔ̃ hã be míawo míagake nu agblɔ nya aɖeke o.
9
Ameawo ŋutɔ koe le nu ƒom le ale si miexɔ míi kple ale si miegbe nu le legbawo gbɔ, trɔ hele Mawu gbagbe, nyateƒetɔ la boŋ subɔmee la ŋuti.
10
Gawu la, ezu nya wolé ɖe nu be miele Mawu Vi, Yesu, ame si wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòɖe mí be Mawu nagakpɔ dziku ɖe mía ŋu gbe aɖe gbe o la, lalam.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5