bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Thessalonians 3
1 Thessalonians 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 4 →
1
Ale esi míesusu mi kakaka wòglo mí la, míeɖoe be míawo míatsi Atene
2
eye míedɔ Timoteo, mía nɔvi kple hadɔwɔla, ame si subɔa Mawu to Kristo ƒe Nyanyui la kaka me la, ɖo ɖe mi. Míaƒe didie nye be wòali ke miaƒe xɔse, eye wòado ŋusẽ mi,
3
ale be fu siwo kpem miele la, nagaɖe dzi le ame aɖeke ƒo o. Miawo ŋutɔ mienyae be esiae nye míaƒe dɔ.
4
Esime míenɔ mia gbɔ la, míegblɔe na mi kɔtɛe do ŋgɔ be fuwo fuwo kpe ge miala, abe ale si wòle eme vam miele kpɔkpɔm ene.
5
Mede dzi do ge do kpoe, esia tae medɔ Timoteo ɖo ɖa ɖo, be wòava akpɔ ale si miaƒe xɔse la le, ava agblɔ nam. Menɔ vɔvɔ̃m be ta menyo o, ametekpɔla va te mi kpɔ eye míaƒe agbagbadzedze zu dzodzro mahĩ!
6
Ke azɔ esi Timoteo trɔ tso mia gbɔ va ɖo mía gbɔ la, ehe dzidzɔnya vɛ na mí tso miaƒe xɔse kple lɔlɔ̃ ŋuti. Eva gblɔ na mí be miaƒe ŋku le mía dzi ŋutɔ ɣe sia ɣi, eye miedi vevie be yewoakpɔ mí, abe ale si míawo hã míedi vevie be míagakpɔ mi ene.
7
Eya ta, nɔviwo, le míaƒe xaxawo kple fukpekpewo katã me hã la, dzi gaɖo mía ƒo, le xɔse si le mia si la ta,
8
elabe ne miele te sesĩe le Aƒetɔ la me la, ekema agbe gaɖo mía me.
9
Ɖe míate ŋu ada akpe na Mawu le mia ta wòade edeƒea? Dzidzɔ gã si miedo na mí, le mía Mawu ŋkume la, wu gbɔgblɔ.
10
Míele gbedodoɖa dzi vevie zã kple keli be míagado go ŋkume kple ŋkume, ale be nu siwo gakpɔtɔ le miaƒe xɔse la ŋuti la, míatsɔ wo akpee na mi.
11
Azɔ la, mía Mawu kple Tɔ́ la ŋutɔ kple mía Aƒetɔ Yesu nekplɔ mí be míava mia gbɔ.
12
Aƒetɔ la nena be ale si mielɔ̃ mia nɔewo kple ame bubuwo katãe la natsi ɖe edzi ahakeke ta, abe ale si míelɔ̃ mii la ene.
13
Ale wòali ke miaƒe dziwo, bene mianɔ te sesĩe azu ame siwo ŋu wokɔ, ame siwo ŋu mokaka mele o, le mía Mawu kple Tɔ́ la ŋkume, le gbe si gbe mía Aƒetɔ Yesu kple eƒe ame siwo ŋuti wokɔ la ava do la.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5