bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Thessalonians 5
1 Thessalonians 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
1
Nɔviwo, mehiã be magaŋlɔ naneke na mi tso ɣeyiɣiawo kple azãgbeawo ŋuti o,
2
elabe miawo ŋutɔ mienya be Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ɖe wòle nɔnɔ ge, abe ale si fiafitɔ ɖina ɖe ame le zã me la ene.
3
Ɣeyiɣi si me amewo anɔ gbɔgblɔm be: “Ŋutifafa ɖo aƒe eye míele dedie” la, ɣe ma ɣi tututue wole wo tsrɔ̃ ge kpata abe ale si fúɖuame lilia funɔ, eye mete ŋu sína le enu o la ene.
4
Ke, nɔviwo, miawo ya la, menye viviti mee miele ne ŋkeke sia nava aɖi ɖe mi abe fiafitɔ ene o,
5
elabe kekeli kple ŋkeke me tɔwo mi katã mienye, ke menye zã kple viviti me tɔwo o.
6
Eya ta migana míanɔ alɔ̃ dɔm abe ame bubuwo ene o, ke boŋ mina míanɔ ŋudzɔ ahanɔ mo xexi.
7
Zã mee ame dɔa alɔ̃, eye zã mee ahamulawo mua aha.
8
Ke esi míawo míenye ŋkekemetɔwo ta la, mina míanɔ mo xexi. Míaƒe akɔtakpoxɔnu nanye xɔse kple lɔlɔ̃, eye míaƒe gakuku nanye mɔ si kpɔm míele be wole mía xɔ ge ɖe agbe,
9
elabe Mawu meɖoe ɖi be yeƒe dɔmedzoe la natsrɔ̃ mí o, ke boŋ be yeato mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi axɔ mí ɖe agbe.
10
Kristoe ku ɖe mía ta ale be, ɖe míele agbe o, ɖe míeku o, míanɔ egbɔ.
11
Eya ta mido ŋusẽ mia nɔewo, eye miakpe ɖe mia nɔewo ŋu be miatsi ɖe edzi, abe ale si miele ewɔmee ene.
12
Nɔviwo, míele kuku ɖem na mi be miatsɔ bubu na mia dome ame siwo le kutri kum, le mia kplɔm le Aƒetɔ la ƒe mɔ dzi eye woxlɔ̃a nu mi la.
13
Mibu wo vevie eye mialɔ̃ wo le dɔ si wɔm wole la ta. Minɔ kple mia nɔewo le ŋutifafa me.
14
Nɔviwo, ke míele aɖaŋu ɖom na mi be migbe nya na kuviatɔwo, mido ŋusẽ ame siwo ƒo dzi ɖe le, mido alɔ ame siwo gbɔdzɔ eye migbɔ dzi ɖi na ame sia ame.
15
Mikpɔ nyuie be ame aɖeke nagaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o, ke boŋ midi nyui na mia nɔewo kple ame sia ame.
16
Mikpɔ dzidzɔ ɖaa.
17
Minɔ gbedodoɖa dzi ɣe sia ɣi.
18
Mida akpe ɖe nu sia nu si adzɔ la ta elabe esiae nye nu si Mawu di tso mi, ame siwo le ha dem kple Kristo Yesu la si.
19
Migatsi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nu o,
20
eye migado vlo Mawu ƒe gbeƒãɖelawo o,
21
ke boŋ mido nu sia nu kpɔ, ne mialé nu si nyo la me ɖe asi.
22
Mite ɖa xaa tso nuvɔ̃ɖi ɖe sia ɖe ƒomevi gbɔ.
23
Mawu, ame si naa ŋutifafa la ŋutɔ nakɔ mia ŋuti keŋkeŋ. Nena miaƒe gbɔgbɔ, luʋɔ kple ŋutilã nanɔ dedie, mokaka manɔŋui le gbe si gbe mía Aƒetɔ Yesu Kristo agava.
24
Ame si yɔ mi vɛ la nuteƒewɔla wònye eye awɔe godoo.
25
Nɔviwo, mido gbe ɖa ɖe mía ta.
26
Míedo gbe na nɔviawo katã nyuie!
27
Míele biabiam tso mia si, abe ale si Aƒetɔ la di ene, be miaxlẽ agbalẽ sia na hametɔwo katã.
28
Mía Aƒetɔ Yesu Kristo neve mia nu.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
All chapters:
1
2
3
4
5