bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Thessalonians 2
1 Thessalonians 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 3 →
1
Nɔviwo, abe ale si miawo ŋutɔ mienya ene la, míaƒe mia gbɔ vava mezu dzodzro o.
2
Togbɔ be míekpe fu, eye wodo ŋukpe mí, hetsi tre ɖe mía ŋu kple ŋkubiã le Filipi, abe ale si mienya ene hã la, míeɖo dzi ɖe mía Mawu la ŋu, eye míegblɔ eƒe Nyanyui la na mi.
3
Nu si xlɔ̃m míele mi la metso amebeble alo susu makɔmakɔ me o. Gawu la, míele esia wɔm be míato ayemɔdzi aflu mi o,
4
ke boŋ Mawu ŋutɔ ɖe wòdo mí kpɔ eye wòdze eŋu, ale wòda asi ɖe mía dzi hetsɔ Nyanyui la de mía si be míagblɔ. Esia tae míeƒoa nu be míagadze amegbetɔ ŋu o, ke boŋ be míadze Mawu ɖeɖe ko ŋu, elabe eyae doa míaƒe dziwo kpɔna.
5
Abe ale si mienya ene la, míetsɔ ameflunya viviwo kafu ame aɖeke, alo to aye me klẽ ŋu ɖe ame aɖeke ƒe nu ŋu kpɔ o. Mawue nye míaƒe ɖasefo!
6
Nenema ke togbɔ be míawo, abe Kristo ƒe amedɔdɔwo ene, míate ŋu atee ɖe mia dzi, be miade bubu mía ŋu hã la, míedi be miawo loo, alo ame bubu aɖeke nawɔ esia na mí o.
7
Le esia teƒe la, ɖe míebɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi le mia dome boŋ, abe vidzikpɔla si léa be na eya ŋutɔ viawo ene.
8
Míelɔ̃ mi ale gbegbe, be menye Mawu ƒe Nyanyui la ɖeɖe ko ƒe gome míedi be miakpɔ kpli mí o, ke boŋ be míatsɔ míawo ŋutɔ mía ɖokui ana mi; elabe miaƒe nu ɖe wòlé dzi na mí koŋ.
9
Nɔviwo, miɖo ŋku edzi be esime míenɔ Mawu ƒe Nyanyui la gblɔm na mi la, ɖe míewɔ dɔ zã kple keli hekpɔ mía ɖokui dzii, ale be míagazu agba na mia dometɔ aɖeke o.
10
Miawo kple Mawu siaa, miate ŋu aɖi ɖase le mía ŋu be esi míenɔ mi, ame siwo xɔ se la gbɔ la, míaƒe nɔnɔme ɖe wòdza hele kɔkɔe eye mokaka menɔ eŋu o,
11
elabe mienya ale si míexlɔ̃ nu mia dometɔ ɖe sia ɖe kple lɔlɔ̃, abe ale si tɔ́ wɔna na viawo la ene.
12
Hekpe ɖe esia ŋu la, míegade dzi ƒo na mi be mianɔ agbe si adze Mawu, ame si yɔ mi va eya ŋutɔ ƒe fiaɖuƒe kple ŋutikɔkɔe me la, ŋu.
13
Nu ɖeka si ta míegadaa akpe na Mawu ɖo ɣe sia ɣi lae nye be, esi míetsɔ eƒe gbedeasi vɛ na mi la, miexɔe atuu, menye abe amegbetɔ ƒe gbedeasi ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe nya si tututu wònye la ene. Mawu ƒe gbedeasi siae wɔa dɔ le mi, ame siwo xɔ se la me.
14
Nɔviwo, miawo hã miesɔ kple Mawu ƒe hame siwo wɔ ɖeka kple Kristo le Yudea la, elabe miawo hã miekpe fu le miawo ŋutɔ mia detɔwo si me, abe ale si woawo hã kpe fu le Yudatɔwo si me la ene.
15
Yudatɔ siawoe wu Aƒetɔ Yesu kple Mawu ƒe gbeƒãɖelawo, eye woawo kee ti míawo hã yome. Wodo dziku na Mawu eye wotsi tre ɖe amegbetɔwo katã ŋu.
16
Yudatɔwo kee xe mɔ na mí, be míagagblɔ mawunya la na ame siwo menye Yudatɔwo o, bene woaxɔ wo ɖe agbe o. To esiawo wɔwɔ vivivo me la, woƒe nuvɔ̃wo va sɔ gbɔ kaka gba go. Azɔ la, Mawu ƒe dziku va dze wo dzi bliboe.
17
Nɔviwo, ɣeyiɣi kpui aɖe koe nye esi míedzo le mia gbɔ. Togbɔ be míegale mia kpɔm kple ŋku o hã la, míaƒe susu ya le mia ŋu vevie. Edzro mí ŋutɔ eye míedze agbagba geɖe be míagakpɔ mi ŋkume kple ŋkume.
18
Míeɖoe be míava kpɔ mi ɖa - nye Paulo ŋutɔ meɖoe zi geɖe - ke Satana xe mɔ na mí.
19
Azɔ ɖe, ame kawoe nye míaƒe mɔkpɔkpɔ, dzidzɔ kple fiakuku, si dzi míele dàda ge ɖo, ne mía Aƒetɔ Yesu vaa? Ɖe menye miawoe oa?
20
Nyateƒee, miawoe nye míaƒe atsyɔ̃ kple dzidzɔ baa!
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5