bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Galatians 2
Galatians 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 3 →
1
Le ƒe wui ene megbe la, nye kple Barnaba míegayi Yerusalem, eye mekplɔ Tito hã ɖe asi.
2
Mawue ɖee fiam hafi meyi. Meɖe kpɔ ame siwo dzé ame ŋkutawo le wo dome la, eye meƒo nu tso Nyanyui, si megblɔna na ame siwo menye Yudatɔwo o la ŋu na wo. Mewɔ esia, be dɔ si wɔm mele tso ɣe aɖe ɣi ke la, nagazu dzodzro o.
3
Togbɔ be Tito, si le ŋunye la nye Helatɔ hã la, ame aɖeke mezi edzi be netso aʋa o.
4
Ke hametɔ alakpatɔ aɖewo to ayemɔ dzi ge ɖe hame la me henɔ mɔnu dim be yewoagblẽ ablɔɖe si Kristo Yesu na mí la, awɔ mí míazu kluviwo.
5
Esi wònye ɖe míedi be nyateƒe blibo, si le Nyanyui la me nanɔ anyi dedie na mi ta la, míelɔ̃ ɖe woƒe nya la dzi kura o.
6
Azɔ la, ame ŋkuta siwo buna be yewonye nane la, meɖo aɖaŋu aɖeke nam o. (Evɔ la, ne woganye nane hã la, nye ya nyemetsɔ ɖeke le eme o, elabe Mawu ya mekpɔa ame ŋkume o.) Mebe ame ŋkuta mawo meɖo aɖaŋu yeye aɖeke nam o.
7
Ke boŋ wokpɔe dze sii be dɔ si Mawu de asi nam lae nye be magblɔ Nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o la, abe ale si wòdee asi na Petro hã, be eya nagblɔe na Yudatɔwo ene.
8
Elabe ame si to Petro dzi wɔ dɔ le Yudatɔwo dome la, eya kee to nye hã dzinye wɔ dɔ le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome.
9
Yakobo kple Kefas kpakple Yohanes, ame siwo wobuna abe hamea ƒe sɔtiwo ene la, kpɔ dze sii be Mawu ve nunye ŋutɔ, eya ta wona asi nye kple Barnaba, tsɔ fia be yewoxɔ mí alɔ eve. Woɖo kpe edzi be míawo míayi ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o la gbɔ, eye yewo hã yewoaɖo ta Yudatɔwo gbɔ.
10
Nu si ko wodi tso mía si be míawɔ lae nye be míaɖo ŋku ame dahe, siwo le yewo dome la dzi, evɔ la, esia tututue nye ŋutɔ hã medina be mawɔ.
11
Esi Kefas va Antioxia la, metsi tre ɖe eŋu, ŋkume kple ŋkume, hehe nya ɖe eŋu, elabe ewɔ nu masɔmasɔ aɖe.
12
Hafi ame aɖewo natso Yakobo gbɔ ava la, Petro ɖua nu kple ame siwo menye Yudatɔwo o la. Ke esi ame siawo va ko la, ehe eɖokui ɖe aga, eye megadi be yeaɖu nu kple ame siwo menye Yudatɔwo o la o, elabe evɔ̃ na ame siwo gblɔ be ele be ame natso aʋa la.
13
Hametɔ bubu, siwo nye Yudatɔwo la hã de eƒe alakpanuwɔna sia dzi, ale be Barnaba kekeake hã wɔ alakpanu sia kpli wo.
14
Ke esi mekpɔ be nu si wòwɔ mesɔ ɖe nyateƒe si le Nyanyui la me nu o la, megblɔ na Kefas le wo katã ŋkume be: “Nenye be wò, ame si nye Yudatɔ, nànɔ agbe abe ame si menye Yudatɔ o ene la, nu ka ta nàtee ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o la ya dzi, be woanɔ agbe abe Yudatɔwo ene?”
15
Le nyateƒe me la, Yudatɔwo míenye tso dzɔdzɔme, eye menye ame manye Yudatɔ, nuvɔ̃wɔlawo o.
16
Míawo míenya be menye ame si le sea dzi wɔm lae woabu be ele dzɔdzɔe o, ke boŋ ame si xɔ Kristo Yesu dzi se lae. Eya ta míawo gɔ̃ hã míexɔ edzi se, be woabu mí be míele dzɔdzɔe, esi míexɔ edzi se la ta. Menye esi míewɔ sea dzi tae woabu mí be míele dzɔdzɔe o.
17
Ke nenye be míele agbagba dzem be woabu mí be míele dzɔdzɔe, elabe míewɔ ɖeka kple Kristo, emegbe wòva dze go be míawo hã míewɔa nuvɔ̃ la, ekema ɖe mefia be Kristo de nuvɔ̃ dzi oa? Gbeɖe!
18
Nenye be metu asi sedziwɔwɔ ƒu anyi, eye megagbugbɔe le fɔfɔm ɖe tsitrenu la, ekema nye ŋutɔ meɖe ɖokuinye fia abe sedzidala ene.
19
Le se la gome la, mezu ame kuku be manɔ agbe na Mawu boŋ.
20
Nye kple Kristoe woklã ɖe atitsoga ŋu. Eya ta azɔ la, meganye nye ŋutɔe le agbe o, ke Kristo ye le agbe le menye. Agbe si mele le ŋutilã me fifia la, Mawu Vi si lɔ̃m, eye wòtsɔ eɖokui na ɖe tanye la dzixɔse mee meli ɖo.
21
Nyemeɖe ale si wòvea ame nui la ƒu gbe o, elabe nenye ɖe Mawu bunɛ na ame be esi wòwɔ Mose ƒe se la dzi ta ele dzɔdzɔe la, anye ne Kristo ƒe ku la zu dzodzro.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6