bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Galatians 5
Galatians 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 6 →
1
Ablɔɖee Kristo di be míakpɔ tae wòɖe mí ɖo, eya ta minɔ tsitre sesĩe, eye migana woate mi ɖe to, be woagawɔ mi kluviwoe ake o.
2
Azɔ la, nye Paulo, mele egblɔm na mi be, ne mieɖe mɔ wotso aʋa na mi la, Kristo meganye viɖe aɖeke na mi o.
3
Megale ɖase ɖim na mi vevie be ame sia ame si aɖe mɔ woatso aʋa nɛ la, ele nɛ kokoko be wòawɔ se blibo la katã hã dzi.
4
Mi ame siwo le didim be woabu yewo be yewole dzɔdzɔe, elabe miewɔ sea dzi la, mieɖe mia ɖokui ɖa le Kristo ŋuti. Ale mietrɔ megbe de Mawu be negave yewo nu azɔ o.
5
Le mía gome ya la, míegbɔ dzi blewuu hele mɔkpɔkpɔ me be woabu mí be míele dzɔdzɔe, elabe míexɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ la dzi se.
6
Ne miewɔ ɖeka kple Kristo Yesu la, wotso aʋa na ame aɖe o, wometsoe nɛ o, mewɔ naneke o. Nu si ko le vevie nye ale si míatsɔ xɔse alɔ̃ mía nɔewoe.
7
Mienɔ agbagba dzem ŋutɔ tsã hafi. Ame ka gɔ̃e va xe mɔ na mi be miagaɖo to nyateƒe la o?
8
Menye ame si yɔ mi vɛ lae trɔ miaƒe susu alea o.
9
Amɔwɔʋãnu vi aɖe koe nana be amɔwɔ blibo la ʋãna.
10
Meka ɖe edzi be Aƒetɔ la awɔe be miegale ame aɖeke ƒe susu xɔ ge o, negbe tɔnye ko. Ke ame ka kee le miaƒe susu trɔm hã la, Mawu le to he ge nɛ kokoko.
11
Nɔvinyewo, ke ne ɖe megale gbeƒã ɖem kokoko be ele vevie be woatso aʋa la, nu ka tae woaganɔ yonyeme tim? Ke ne ɖe wònye nenemae megblɔ la, anye ne nu si nye nuɖianu le Kristo ƒe atitsoga la ŋu la ɖe ɖae!
12
Ame siwo le susu tɔtɔm na mi alea gbegbe ɖe, womatsɔ hɛ atá wo ɖokui ko wòavɔ oa?
13
Nɔvinyewo, ɖe woyɔ mi vɛ be miava kpɔ ablɔɖe, avo. Ɖeko ablɔɖe si miekpɔ la naganye mɔɖeɖe na nuvɔ̃ɖi, siwo miaƒe ŋutilã dina la o. Ke boŋ misubɔ mia nɔewo kple lɔlɔ̃,
14
elabe sea ƒe taƒonyae nye nyagbe sia be: “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.”
15
Ke ne miele nu vevi wɔm mia nɔewo abe lã wɔadãwo ene la, mikpɔ nyuie be miava wu mia nɔewo o.
16
Mele egblɔm na mi be mina Mawu ƒe Gbɔgbɔ la nafia ale si mianɔ agbee la mi, ale be miagazɔ ɖe nu siwo amegbetɔ ƒe dzɔdzɔme dina la nu o.
17
Elabe nu siwo amegbetɔ ƒe dzɔdzɔme dina la, tsi tre ɖe Gbɔgbɔ la tɔwo ŋuti, eye nu siwo Gbɔgbɔ la hã dina la, tsi tre ɖe ame ƒe dzɔdzɔme tɔwo ŋuti. Nu siawo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋuti, bene miagawɔ nu si miedi la o.
18
Ke ne Gbɔgbɔ la le mia kplɔm la, ekema miegale se la te o.
19
Azɔ la, dɔ siwo amegbetɔ ƒe dzɔdzɔme wɔna la dzena ƒãa. Esiawo nye: matrewɔwɔ, nu makɔmakɔ wɔwɔ, hadzedze,
20
trɔ̃subɔsubɔ, afakaka, kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, ɖokuitɔdidi, amedomemama, ŋuiɖoɖo ame nɔewo,
21
dɔmevevi, ahamumu, aglotutu kple nu siwo ɖi esiawo tɔgbe wɔwɔ. Megale egblɔm na mi da ɖi, abe ale si megblɔe na mi da ɖi tsã la ene, be ame siwo wɔa nu siawo tɔgbe la, manyi mawufiaɖuƒe la dome akpɔ o.
22
Ke nu siwo doa go tso Gbɔgbɔ la me la woe nye: lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔɖi, dɔmenyo, nu nyui wɔwɔ, nuteƒewɔwɔ,
23
tufafa kple ɖokuidziɖuɖu. Se aɖeke metsi tre ɖe nu siawo dometɔ aɖeke ŋu o.
24
Ame siwo nye Kristo Yesu tɔ la, klã woƒe ŋutilã kple eƒe nudzroamewo kple fieŋufieŋuwo katã ɖe atitsoga ŋuti.
25
Nenye Gbɔgbɔ lae na agbe mí la, ekema mina míanɔ agbe ɖe eƒe didi nu.
26
Migana míado mía ɖokui ɖe dzi, alo ado dziku na mía nɔewo, alo aʋã ŋu mía nɔewo o. o.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6