bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Galatians 6
Galatians 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
1
Nɔvinyewo, ne mia dometɔ aɖe da vo la, mi ame siwo kplɔm Mawu ƒe Gbɔgbɔ le la, midze agbagba, miagbɔ dzi ɖi blewuu aɖɔe ɖo. Ke kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie be womagate wò ŋutɔ hã akpɔ o.
2
Mikpe fu ɖe mia nɔewo ti, ale be miawɔ Kristo ƒe se la dzi.
3
Ne ame aɖe bu be yenye nane, evɔ menye naneke o la, eɖokui ko flum wòle.
4
Ame sia ame nedo eya ŋutɔ ƒe nuwɔna kpɔ. Ne ewɔ esia la, akpɔ nu si ŋu wòaƒo adegbe le, le eya ŋutɔ ɖokui ɖeɖe ko me. Ke menye be wòatsɔ eƒe nuwɔna asɔ kple ame bubu tɔ o,
5
elabe ame sia ame le eya ŋutɔ ƒe agba tsɔ ge.
6
Ame si le nu srɔ̃m tso mawunya ŋu la, nena ame si le nua fiamee la nakpɔ gome le nu nyui siwo katã le esi la me.
7
Migable mia ɖokui o. Womeflua Mawu o. Nu si ame ƒã la, eya ke wòaŋe.
8
Ame si ƒã nu ɖe ŋutilãmedidi me la, nu si wòaŋe tso eme lae nye gbegblẽ. Ke ame si ƒã nu ɖe Gbɔgbɔmedidi me la, agbe mavɔe nye nu si wòaŋe tso eme.
9
Migana nu nyui wɔwɔ nati mí o, elabe ne meti mí o la, míava kpɔ eme viɖe le ɣeyiɣi si dze la dzi.
10
Eya ta esi mɔnukpɔkpɔ gale mía si la, mina míawɔ nu nyui na ame sia ame, vevietɔ na míaƒe Kristo ƒome la, si nye xɔsetɔwo.
11
Mikpɔ ŋɔŋlɔdzesi lolo siwo nye ŋutɔ metsɔ asi ŋlɔ ɖo ɖe mi la ɖa!
12
Ame siwo di be yewoadze amegbetɔwo ŋu lae le fu ɖem na mi be wonetso aʋa na mi. Nu si ta wole nu sia wɔm ɖo koe nye be amewo nagati wo yome le Kristo ƒe atitsoga la ta o.
13
Ame siwo wotso aʋa na gɔ̃ hã mewɔa sea dzi o. Nu si ko dim ame siawo le be yewoawɔe nye be yewoaƒo adegbe be miawo gɔ̃ hã miebɔbɔ ɖe yewoƒe se la te, eye miena wotso aʋa na mi.
14
Ke nye la, nyemegadi kura be maƒo adegbe na mi tso nu bubu aɖeke ŋu, wu mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe atitsoga la o. Kristo mee woklã xexea me ɖe atitsoga ŋu ɖo nam, eye Kristo me kee woklã nye hã ɖe atitsoga ŋu ɖo na xexea me.
15
Wotso aʋa na ame aɖe o, womeɖatso aʋa nɛ o, eya mele vevie o. Ame yeye nyenye lae le vevie.
16
Mawu neve ame siwo zɔna ɖe ɖoɖo sia nu la nu, eye wòana ŋutifafa wo. Newɔ esia na eƒe Israel yeye la hã.
17
Tso fifia dzi heyina la, ame aɖeke megaɖe fu nam o, elabe nye la, abikukuteƒe siwo le ŋunye la fia be Yesu tɔ menye.
18
Nɔvinyewo, mía Aƒetɔ Yesu Kristo neve miaƒe gbɔgbɔ nu! Amen.
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
All chapters:
1
2
3
4
5
6