bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Galatians 3
Galatians 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 4 →
1
Aa, mi Galatiatɔ movitɔwo! Ame ka koŋ ye trɔ susu le tame na mi alea gbegbe? Ɖe menye miawo ŋutɔ mia ŋkumee woɖee fia le kɔtɔe le dutoƒo be woklã Yesu Kristo ɖe atitsoga ŋu oa?
2
Mina mabia nya ɖeka sia mi: Gbɔgbɔ Kɔkɛe si miexɔ la, sea dzi miewɔ kaka xɔe loo, alo Nyanyui lae miese, hexɔ edzi se tae miexɔea?
3
Movitɔwo mienye alea gbegbea? Esi mietsɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ la dze egɔmee ɖe, miawo ŋutɔ miaƒe ŋusẽ miebe yewoatsɔ awu enui azɔa?
4
Ɖe nu siwo katã teƒe miekpɔ la zu dzodzroa? Womanye dzodzro kura o ɖe!
5
Ale si miewɔa sea dzi tae Mawu tsɔ Gbɔgbɔ la na mi, hele nukudɔwo wɔm le mia dome ɖo loo, alo esi miese eƒe nya la hexɔ edzi se la taea?
6
Mawunya gblɔ be: “Wobu Abraham be enye ame dzɔdzɔe, elabe exɔ Mawu dzi se.”
7
Eya ta ele be mianya, be ame siwo si xɔse le la woe nye Abraham viwo.
8
Mawunya kpɔe do ŋgɔ, be Mawu gbɔna ame siwo menye Yudatɔwo o la wɔ ge woazu ame dzɔdzɔewo, le xɔse si le wo si la ta. Esia tae wògblɔ Nyanyui la na Abraham xoxo da ɖi be: “Woayra anyigba dzi dukɔwo katã to dziwò.”
9
Eya ta azɔ la, ame siwo xɔ sè la, woyra wo kpe ɖe Abraham, xɔsetɔ la ŋu.
10
Ke woƒo fi de ame siwo katã lé sea dzi wɔwɔ me ɖe asi, elabe woŋlɔ ɖe mawunya me be: “Ame sia ame si mezɔna ɖe nu siwo katã woŋlɔ ɖe segbalẽa me nu, eye wòwɔa wo dzi o la, fiƒode le edzi.”
11
Azɔ edze ƒãa be Mawu mebua ame aɖeke be ele dzɔdzɔe, ɖe esi wòwɔ sea dzi la ta o, elabe mawunya gagblɔ be: “Ame si ƒe xɔse nana be wòwɔa nu dzɔdzɔe la, anɔ agbe.”
12
Ke se la metsɔ ɖeke le xɔse ƒe nya me o, elabe nu si woŋlɔ tso eŋuti lae nye be: “Ame si wɔa wo dzi la, anɔ agbe.”
13
Esi Kristo trɔ zu fiƒodeme ɖe mía teƒe ta la, eɖe mí tso se la ƒe fiƒode te, elabe woŋlɔ ɖe mawunya la me be: “Ame sia ame si woklã ɖe ati ŋu la, fiƒode le edzi.”
14
Ale be to Kristo Yesu dzi la, woayra xexemedukɔ bubuwo hã, abe ale si woyra Abraham ene, eye míatsɔ xɔse axɔ Gbɔgbɔ si ŋugbe Mawu do la.
15
Nɔvinyewo, medi be mana kpɔɖeŋu aɖe mi tso agbenɔnɔ me. Mienya be ne ame aɖe ŋlɔ nu le ale si woanyi eƒe dome ŋu da ɖi, eye wòɖo kpe edzi vɔ ko la, womegatea fli ɖe eme, alo gatsɔa nya aɖeke kpenɛ o.
16
Azɔ la, Abraham kple eƒe dzidzimevie Mawu do ŋugbe na. Womegblɔ be “na dzidzimewo” abe dzidzime geɖewo gblɔm wòle ene o, ke boŋ wobe “na wò dzidzimevi”, si fia be ame ɖeka hɔ̃ ko glɔm wòle. Ame siae nye Kristo.
17
Nu si gblɔm mele lae nye be Mawu bla nu kple Abraham kpakple eƒe dzidzimevi la, eye wòɖo kpe edzi da ɖi ƒe alafa ene bla etɔ̃ do ŋgɔ hafi se la va do. Ale be se sia mate ŋu aɖe nubabla sia ɖa, alo ana be Mawu ƒe ŋugbedodo la nazu dzodzro o.
18
Nenye be Mawu ƒe nunana sia, ɖe wòtso sea me la, anye ne meganye ŋugbedodo o. Evɔ la, nu wònye Mawu tsɔ do ŋugbe na Abraham faa.
19
Ke fifia ɖe, nu ka tae se la li ɖo? Ɖe wotsɔ sea vɛ be wòana ame nadze si nu si nye vodada, va se ɖe esime dzidzimevi si wodo ŋugbea na la nava. Gawu la, mawudɔlawoe tsɔ sea na ame si nye domenɔla wòtsɔ vɛ.
20
Ke domenɔla menɔa anyi na ame ɖeka o, evɔ la, Mawu ya, ɖeka hɔ̃ koe.
21
Se la ɖe wòtsi tre ɖe Mawu ƒe ŋugbedodoawo ŋua? Kura koŋ o! Nenye be ŋusẽ ɖe wòle se la si be wòana ame nanɔ agbe la, anye ne ame awɔ se dzi anɔ dzɔdzɔe.
22
Ke mawunya ya bu nuwo katã abe nu siwo le nuvɔ̃ te la ene, ale be ŋugbedodo si kpe ɖe Kristo dzixɔse ŋu la, nanye ame siwo xɔ edzi se la tɔ.
23
Azɔ, hafi Kristo dzixɔse nava la, se la lé mí de kpɔ me tu ʋɔ ɖe mía nu hele lalam na ɣeyiɣi si me Mawu ahe Kristo dzixɔse sia avɛ la.
24
Ale se la nɔ mía kplɔm va se ɖe esime Kristo va, ale be woabu mí ame dzɔdzɔewoe, elabe míexɔ edzi se.
25
Ke esi Kristo dzixɔse la va ɖo azɔ la, míegale kplɔla aɖeke te o.
26
Elabe esi mi katã miexɔ Kristo Yesu dzi se hewɔ ɖeka kplii ko la, miezu Mawu viwo.
27
Mi ame siwo katã wole mawutsi na, be miawɔ ɖeka kple Kristo la, mietsɔ Kristo do abe awu ene.
28
Eya ta vovototo aɖeke megale Yudatɔ kple Helatɔ, kluvi kple ablɔɖevi, ŋutsu kple nyɔnu dome o, ke boŋ mi katã miewɔ ɖeka hele hadede me kple Kristo Yesu.
29
Nenye be mienye Kristo tɔ la, ekema Abraham ƒe dzidzimeviwo mienye, eye mienye nu si ŋugbe wodo la ƒe domenyilawo.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6