bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
James 2
James 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 3 →
1
Nɔvinyewo, abe ame siwo xɔ mía Aƒetɔ Yesu Kristo, ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la dzi se ene la, migatia ame me le miaƒe nuwɔna me o.
2
Mina míatsɔe be ame aɖe ta avɔ nyui aɖe, do sikasigɛ va miaƒe takpeƒe, eye ame bubu aɖe, si ya ta avɔ ƒoɖi hã va.
3
Miekɔ mo ɖe avɔ nyui tala la, ʋã ɖe eŋu gblɔ nɛ be: “Meɖe kuku, va nɔ anyi ɖe afii.” Ke miegblɔ na ame dahe la ya be: “Tsi tre ɖe afim!” alo “Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye afɔnu!”
4
Ne miewɔ esia la, ekema menye susu vɔ̃ɖie nye ekem mietsɔ tso nya mee, hehe vovototo de mia ɖokuiwo dome oa?
5
Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, miɖo to miasee ɖa. Menye ame siwo maxɔsetɔwo buna be wonye ame dahewo lae Mawu tia wova zu gbɔgbɔ me kesinɔtɔwo, elabe woxɔ Kristo dzi se oa? Ɖe menye woawoe anyi fiaɖuƒe si ŋugbe Mawu do na ame siwo lɔ̃e la dome oa?
6
Ke miawo miedo vlo ame dahe! Ɖe menye kesinɔtɔwoe tea mi ɖe anyi oa? Menye woawoe hea mi yia ʋɔnui oa?
7
Menye kesinɔtɔwo kee gblɔa nya vlowo ɖe bubuŋkɔ si wotsɔ na mi, esime mieva zu Kristotɔwo la ŋu oa?
8
Ne miewɔ ɖe fiaɖuƒea ƒe se la dzi tututu, abe ale si woŋlɔe ɖe mawunya me ene la, ekema miewɔ nu si dze. Nu si woŋlɔ ɖi lae nye be: “Ele be nàlɔ̃ hawòvi, abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.”
9
Ke ne mietiaa ame me le miaƒe nuwɔna me la, ekema miewɔ nuvɔ̃, eye se la bu fɔ mi be mienye edzidalawo.
10
Elabe ame sia ame si wɔ seawo katã dzi, evɔ wòheda ɖeka pɛ dzi la, ezu wo katã dzi dala.
11
Elabe ame si de se be: “Mègawɔ ahasi o” la, eya kee gade se be: “Mègawu ame o.” Eya ta nenye be mèwɔ ahasi o, evɔ nèhewu ame la, ekema èzu sedzidala.
12
Ale mina miaƒe nuƒo kple miaƒe nuwɔna naɖee fia be se si na ablɔɖe mi lae woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu mii.
13
Elabe le ʋɔnudɔdrɔ̃ me la, Mawu makpɔ nublanui na ame si mekpɔa nublanui na ame o. Gake Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ ƒo eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ta.
14
Nɔvinyewo, ne ame aɖe gblɔ be xɔse le ye si, eye eƒe nuwɔna meɖenɛ fiana o la, viɖe kae wòkpɔ? Eƒe xɔse la ate ŋu axɔe ɖe agbea?
15
Mina míatsɔe be avɔ vuvu le nɔvinyɔnu alo nɔviŋutsu xɔsetɔ aɖewo ŋu, eye womekpɔa nu ɖuna gbe sia gbe o.
16
Azɔ la, mia dometɔ ɖeka gblɔ na wo be: “Miheyi le ŋutifafa me. Miaƒe lã me nexɔ dzo. Miɖu nu miaɖi ƒo” eye medi nu siwo hiã na woƒe ŋutilã la na wo o la, viɖe kae le eme?
17
Ale ne xɔse ko le ame aɖe si, eye nuwɔna mekpe ɖe eŋu o la, eƒe xɔsea ku.
18
Ke ame aɖe agblɔ be: “Wò la, xɔse le asiwò, eye nye la, ɖe metsona ɖe nu ŋu wɔna.” Nye ŋuɖoɖoe nye be, “Ɖe wò xɔse si ŋu nuwɔna mekpe ɖo o la fiam, eye nye hã mato nye nuwɔna me aɖe nye xɔse afia wò.”
19
Èxɔe se be Mawu ɖeka koe li. Enyo, nyateƒee. Gbɔgbɔ vɔ̃wo gɔ̃ hã xɔe se nenema, eye wovɔ̃na hedzona nyanyanya ɖe!
20
Wò movitɔ, èdi be woaɖee afia ye be xɔse si ŋu nuwɔna mekpe ɖo o la nye nu ƒuƒlua?
21
Nu ka ta Mawu bu mía tɔgbui Abraham be ele dzɔdzɔe? Eƒe nuwɔna tae! Elabe etsɔ via Isak yi ɖe vɔsamlekpui la dzi be yeatsɔe asa vɔe na Mawu.
22
Miekpɔe vɔa? Eƒe xɔse kple nuwɔnae zɔ aduadu, eye eƒe nuwɔnae na eƒe xɔse hã de blibo.
23
Ale mawunya sia va eme be: “Abraham xɔ Mawu dzi se, eya ta Mawu bui be ele dzɔdzɔe,” eye Mawu yɔe be ye xɔlɔ̃.
24
Miekpɔe azɔa? Womekpɔa ame ƒe xɔse ko dzi hebunɛ be ele dzɔdzɔe o; eƒe nuwɔnae kpena ɖe eŋu.
25
Alea tututue Mawu bu Raxab, gbolo la hãe be ele dzɔdzɔe le eƒe nuwɔna ta. Nu si Raxab wɔ lae nye be, esime wòxɔ Israelviwo ƒe ŋkutsalawo wodze egbɔ la, ekpe ɖe wo ŋu na wosí to mɔ bubu dzo.
26
Azɔ la, eme kɔ be ale si ameti la ɖeɖe nye nu kuku, ne gbɔgbɔ mele eme o la, nenemae xɔse hã nye nu kuku, ne nuwɔna mekpe ɖe eŋuti o.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5