bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
James 5
James 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
1
Kesinɔtɔwo, misee ɖa azɔ. Mifa avi, eye mido boboe le fukpekpe dziŋɔ, si gbɔna mia dzi va ge la ta.
2
Miaƒe kesinɔnuwo nyunyɔ, eye agbagblaʋuiwo ɖu miaƒe awuwo keŋkeŋ.
3
Miaƒe sika kple klosalo lé ɣebia, eye aɖi si le wo ŋu la aɖi ɖase tso mia ŋu. Ɣebia la amè miaƒe ŋutilã wòafia abe dzobi ene. Mieli kɔ kesinɔnuwo gleglegle da ɖi le ŋkeke mamlɛ siawo me.
4
Ke kpɔ ɖa, ame siwo ŋlɔ agble na mi, eye miegbe fexexe na wo la le mia nu tsom kple ɣli. Ame siwo ŋe nu na mi ƒe ɣli va ge ɖe Aƒetɔ Aʋakplɔlagã la ƒe to me.
5
Mieɖu agbe hetsɔ nu xɔasiwo do dzidzɔ na mia ɖokui atraɖii le agbe sia me, eye mieɖu nu heda ami ɖi na wuwugbe.
6
Miebu fɔ ame dzɔdzɔe, ke meʋli eɖokui ta o, eye miewui.
7
Eya ta, nɔvinyewo, migbɔ dzi blewuu va se ɖe gbe si gbe Aƒetɔ la nava. Mikpɔ agbledela ɖa! Ne ele mɔ kpɔm na nuku si kpɔ ge wòala tso anyigba me la, egbɔa dzi ɖi nɛ blewuu va se ɖe esime tsi dzana le ada me kple kele me.
8
Miawo hã migbɔ dzi blewuu nenema ke. Milé dzi ɖe ƒo, elabe Aƒetɔ la ƒe vavaɣi ɖo vɔ.
9
Migaɖu tse ɖe mia nɔewo ŋu ne Mawu nadrɔ̃ ʋɔnu mi o. Kpɔ ɖa, ʋɔnudrɔ̃la va ɖo.
10
Nɔvinyewo, miɖo ŋku Mawu ƒe gbeƒãɖela siwo ɖe gbeƒã le Aƒetɔ la ŋkɔ me dzi. Mina ale si wokpe fu hedo dzii la, nanye kpɔɖeŋu na mi.
11
Mikpɔ ɖa, míebua ame siwo doa dzi yayramewoe. Miese ale si Hiob do dzii, eye miekpɔ nu si Mawu ɖo ɖi nɛ le nuwuwu. Aƒetɔ la ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu, eye wòkpɔa nublanui na ame.
12
Nɔvinyewo, ke nye nya vevitɔ na mie nye be migatà nu o; eɖanye dziƒo o, eɖanye anyigba o, eɖanye nu bubu aɖe o, migatàe o. Ne nya la le eme la, migblɔ be “Ẽ”. Ne mele eme o la, migblɔ be “O”, ne Mawu magabu fɔ mi o.
13
Ne ame aɖe le fu kpem le mia dome la, nedo gbe ɖa. Ne dzi le ame aɖe dzɔm le mia dome la, nedzi kafukafuhawo.
14
Ne ame aɖe ƒe lã me gblẽ le mia dome la, neyɔ hamemegãwo vɛ ne woava do gbe ɖa ɖe eta, eye woasi ami nɛ le Aƒetɔ la ŋkɔ me.
15
Gbe si wodo ɖa kple xɔse ɖe dɔléla la ta la, ana eƒe lã me nasẽ, eye Aƒetɔ la ana wòahaya. Ne ewɔ nuvɔ̃ hã la, Mawu atsɔe akee.
16
Eya ta miʋu miaƒe nuvɔ̃wo me na mia nɔewo, eye miado gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta, bene Mawu nada gbe le mia ŋu. Ŋusẽ geɖe le ame dzɔdzɔe ƒe gbedodoɖa ŋu. Ewɔa dɔ vevie.
17
Eliya la, amegbetɔ ko wònye abe míawo ke ene. Ke esi wòdo gbe ɖa vevie be tsi nagadza o la, tsi gbe dzadza ɖe anyigba dzi ƒe etɔ̃ kple afã sɔŋ!
18
Emegbe egado gbe ɖa, eye Mawu na tsi dza. Ale anyigba ganyo nu.
19
Nɔvinyewo, ne mia dometɔ aɖe de megbe tso nyateƒenya la gbɔ, eye ame aɖe gakplɔe vɛ la,
20
minyae be ame sia ame si kplɔ nuvɔ̃wɔla aɖe tso eƒe nuvɔ̃ mɔ dzi vɛ la, ana woaxɔ nuvɔ̃wɔla ma ɖe agbe tso ku si me, eye wòana woatsɔ eƒe nuvɔ̃ gbogbo siwo wòwɔ la akee.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
All chapters:
1
2
3
4
5