bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
James 4
James 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 5 →
1
Nu kae hea aʋawɔwɔ kple dzrewɔwɔ dea mia dome? Ɖe menye nuvɔ̃ɖi siwo dzroa miaƒe ŋutinuwo la woe hea wo vanɛ oa?
2
Miedi nu si dzro mi; miekpɔe o, eye miewu ame. Nenema ke mieklẽ ŋu be yewoaxɔ nane le ame aɖe si; miaƒe asi mesu edzi o, eye miewɔ dzre heho aʋa ɖe mia nɔewo ŋu. Miekpɔa nu si dim miele la o, elabe miebiaa Mawu o.
3
Miebiaa nu Mawu, eye miexɔnɛ o, elabe miebiana kple susu nyui o. Miebiaa nu Mawu, ale be miatsɔe ado dzidzɔ na mia ɖokui ko.
4
Ame mawɔnuteƒewo! Mienya be ame si dze xɔlɔ̃ xexea me la, tsɔ eɖokui wɔ Mawu ƒe futɔe oa? Eya ta ame sia ame si di be yeadze xɔlɔ̃ xexea me la, tsɔ eɖokui wɔ Mawu ƒe futɔe.
5
Miebu be ɖe woŋlɔ ɖe mawunya me dzodzro be: “Mawu ʋãa ŋu vevie ɖe eƒe gbɔgbɔ si wòna, be wòanɔ mia me la nu” mahã?
6
Ke evea ame nu geɖe ŋutɔ, eya ta wogblɔ be: “Mawu tsia tre ɖe ame siwo dàna la ŋu, eye wòvea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la nu.”
7
Eya ta mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te. Mitsi tre ɖe Abosam ŋu, ne wòasí adzo le mia gbɔ.
8
Mite ɖe Mawu ŋu, ne eya hã nate va mia gbɔ. Nu vɔ̃ wɔlawo, miklɔ asi! Mi ɖikelawo, miwɔ miaƒe dzi dzadzɛ!
9
Mise veve; mifa konyi; mifa avi. Mina miaƒe nukoko nazu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nazu modede to.
10
Mibɔbɔ mia ɖokui le Aƒetɔ la ŋkume, ne wòado mi ɖe dzi.
11
Nɔvinyewo, migagblɔ nya si medze o la ɖe mia nɔewo ŋu o. Ame si gblɔa nya si medze o la ɖe nɔvia ŋu, alo drɔ̃a ʋɔnu nɔvia la, egblɔ nya si medze o la ɖe se la ŋuti, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu se la. Nenye se lae nèdrɔ̃a ʋɔnui la, ekema menye sedziwɔla nènye o, ke boŋ eƒe ʋɔnudrɔ̃la nènye.
12
Mawu koe nye sedela kple ʋɔnudrɔ̃la. Eya koe nye ame si te ŋu xɔa ame ɖe agbe, eye wògate ŋu tsrɔ̃a ame hã. Ame ka nènye hafi le ʋɔnu drɔ̃m hawòvi?
13
Azɔ la, mise ɖa, mi ame siwo gblɔna be: “Egbe alo etsɔ míele du si alo ekemɛ me yi ge. Míanɔ afi ma ƒè ɖeka atsa asi eye míakpɔ viɖe.”
14
Mienya nu si le dzɔdzɔ ge etsɔa? Mienya nu si agbe, si miele la nyea? Afu si dona ɣeyiɣi kpui aɖe ko gabuna la ko mienye.
15
Le nya sia gbɔgblɔ teƒe la, ele be miagblɔ boŋ be: “Ne Mawu lɔ̃ la, míanɔ agbe, eye míawɔ nu si alo ekemɛ.”
16
Ke abe ale si wòle ene la, ɖeko miekana ɖe nu ŋu heƒoa adegbe dzodzro. Kaka ɖe nu ŋu alea nye nuvɔ̃.
17
Eya ta ame sia ame si nya nu nyui wɔwɔ, eye mewɔnɛ o la, ewɔ nuvɔ̃.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5