bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
James 3
James 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 4 →
1
Nɔvinyewo, migana mia dome ame geɖe nawɔ wo ɖokui nufialawoe o. Abe ale si mienya ene la, woadrɔ̃ ʋɔnu mí ame siwo fiaa nu la tsitotsito wu ame bubuwo.
2
Elabe mí katã míedaa vo geɖe. Ne ame aɖe li, eye medaa vo le nuƒoƒo me o la, eyama de blibo, eye ŋusẽ le esi ɖe ameti blibo la katã dzi.
3
Ne míede numega nu me na sɔwo be woaɖo to mí la, míete ŋu trɔa sɔ blibo la dona ɖe afi si míelɔ̃.
4
Mikpɔ tɔdziʋuwo hã ɖa. Togbɔ be wololo ŋutɔ, eye ya sesẽe kua wo hã la, kuɖɔ sue aɖe ko ŋudɔ kuɖɔɖola wɔna hetrɔa ʋu bliboa wòɖoa ta afi si wòdi be neyi la.
5
Alea tututu aɖe hã le. Togbɔ be ŋutinu sue aɖe ko wònye hã la, nu gãwo ŋutie wòkana ɖo. Kpɔ ɖa! Dzo sue aɖe koe gena ɖe ave gã aɖe me, hebinɛ keŋ.
6
Aɖe, ɖe wòle abe dzo ene. Xexeme si me nu madzɔmadzɔ wɔwɔ xɔ aƒe ɖo lae aɖe nye le míaƒe ŋutinuwo dome. Eƒoa ɖi ameti blibo la, hetɔa dzo agbenɔnɔ ƒe yiyime. Ke eya ŋutɔ la dzo mavɔ dea dzo eme wòbina flaflafla.
7
Míate ŋu amla lã wɔadã, xe, nutata kple ƒumelã ɖe sia ɖe ƒomevi. Le nyateƒe me la, amegbetɔ mlaa wo katã.
8
Ke amegbetɔ aɖeke mate ŋu amla aɖe ya akpɔ o. Aɖe nye nuvɔ̃ɖi si ŋu ɖeɖi metena o, eye aɖi si wua ame la, yɔe taŋ.
9
Eyae míetsɔna kafua Aƒetɔ kple Tɔ́ la, eye eya kee míegatsɔna ƒoa fi dea amegbetɔ si wowɔ ɖe Mawu ƒe nɔnɔme me la.
10
Nu ɖeka ma, si me yayra dona le la, eya ke mee fiƒode hã dona le! Nɔvinyewo, mele be wòanɔ alea hafi o.
11
Ɖe vudo ate ŋu adzi tsi vivi agadzi dzetsi tso do ɖeka ma ke mea?
12
Nɔvinyewo, ɖe gboti ate ŋu atse amititsetsewoa? Alo ɖe wainka ate ŋu atse gbotitsetsewoa? Nenema ke vudo si dzia dzetsi la, mate ŋu agadzi tsi vivi hã o.
13
Ame kae nye nunyala kple nugɔmesela le mia dome? Netsɔ agbenɔnɔ nyui ɖe esia fia to eƒe nuwɔna me, eye newɔe kple ɖokuibɔbɔ si do tso nunya me.
14
Evɔ nenye be ŋuʋaʋã vɔ̃ɖi le miaƒe dzime, eye mia dome ame sia ame dina be ye tɔ me ko nenyo la, migaka aʋatso ɖe nyateƒe la si atsɔ miaƒe nunya aƒo adegbee o.
15
Nunya sia metso dziƒo o; anyigba dzi tɔe, dzɔdzɔme tɔe, gbɔgbɔ vɔ̃ tɔe.
16
Elabe afi si ŋuʋaʋã le, eye amewo dina be yewo tɔ ko me nenyo la, masɔmasɔ kple nu gbegblẽ wɔwɔ ɖe sia ɖe hã anɔ anyi.
17
Ke le nunya si tso dziƒo gome la, gbã la, edza, eyome edia ŋutifafa, edoa dzi, edina be yease nu gɔme na ame, eyɔ taŋ kple nublanuikpɔkpɔ, nu nyuiwo doa go tso eme, medea vovototo amewo me o, eye alakpa aɖeke hã mele eme o.
18
Ame siwo léa avu, hehea ŋutifafa vanɛ la ƒãa nuku si ƒe kutsetse nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5