bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jonah 1
Jonah 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 2 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Yona, Amitai vi la be:
2
“Tso nàyi Ninive, du gã la me, eye nàhe nya ɖe emenɔlawo ŋu elabe menya nuvɔ̃ɖi si wɔm wole la.”
3
Ke Yona tso be yeasí boŋ le Aƒetɔ gbɔ ayi Tarsis. Eyi Yopa, eye wòkpɔ tɔdziʋu aɖe si yina Tarsis. Exe ʋuɖofe, eye wòge ɖe eme be yeadzo le Aƒetɔ gbɔ ayi Tarsis kpli wo.
4
Ke Aƒetɔ lɔ ya sesẽ aɖe ƒo le atsiaƒu la dzi, eye ahom tu sesĩe ale gbegbe be tɔdziʋua di be yeagbã.
5
Tete vɔvɔ̃ ɖo ʋukulaawo, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe yɔ mawu si wòsubɔna la. Wofɔ agba siwo le ʋua me la ƒu gbe ɖe ƒua me, be ʋua nazu wodzoe. Ke Yona ya yi ɖe ʋua gɔme, mlɔ anyi, dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi.
6
Tete ʋumefia la va egbɔ, eye wòbiae be: “Alɔ̃ dɔm wò ya nèlea? Fɔ nàyɔ wò mawu! Ðewohĩ ase wò kukuɖeɖe, be míagatsrɔ̃ o.”
7
Azɔ ʋua me nɔlawo gblɔ na wo nɔewo be: “Mía tɔwo, netsɔ; mina míadzidze nu ale be míanya ame si ta koŋ dzɔgbevɔ̃e sia va dzɔ ɖe mía dzi ɖo.” Ale wodzidze nu, eye wòdze Yona dzi.
8
Wobiae be: “Nu kae he dzɔgbevɔ̃e sia va mía dzii? Gblɔe na mí. Dɔ kae nèwɔna? Afi ka nètso? Afi kae nye mia de? Dukɔ ka me tɔ nènye?”
9
Eɖo eŋu na wo be: “Hebritɔ menye. Mesubɔa Aƒetɔ, dziƒo Mawu si wɔ anyigba kple atsiaƒu.”
10
Yona yi edzi gblɔ na ameawo be Aƒetɔ gbɔe yele sisím le. Ameawo vɔ̃ ŋutɔ, eye wobiae: “Nu kae nye esi nèwɔ?” Elabe be ameawo nya be enɔ sisím le Aƒetɔ nu; elabe egblɔe na wo do ŋgɔ.
11
Ale wobiae be: “Nu ka míawɔ wò, ne ƒu la nadze kɔ anyi na mí?” Elabe ƒu la gale nyanyram ɖe edzi wu tsã.
12
Yona gblɔ na wo be: “Mikɔm ƒu gbe ɖe ƒua me ekema adze kɔ anyi na mi, elabe menya be nye tae ahom sesẽ sia va mia dzi ɖo.”
13
Gake ŋutsuawo ku ʋua kple ŋusẽ be yewoatrɔ ayi gota, ke womete ŋui o, elabe atsiaƒua gadze agbo wu tsã va le wo kpem.
14
Ale woyɔ Aƒetɔ sesĩe gblɔ be: “Míeɖe kuku, Aƒetɔ, mègana míatsrɔ̃ le ŋutsu sia ƒe agbe ta o, eye mègahe to na mí be míewu ame dzɔdzɔe o. Elabe Aƒetɔ, wò la, nu si dze ŋuwò lae nèwɔna.”
15
Ale wokɔ Yona ƒu gbe ɖe ƒua me. Enumake ƒua dze kɔ anyi.
16
Tete ameawo vɔ̃ Aƒetɔ ŋutɔŋutɔ. Wosa vɔ na Aƒetɔ, eye woɖe adzɔgbe be yewoasubɔe.
17
Ke Aƒetɔ na tɔmelã gã aɖe va mi Yona, eye wònɔ lã la ƒe dɔme ŋkeke etɔ̃, zã etɔ̃.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4