bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jonah 2
Jonah 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 3 →
1
Tete Yona do gbe ɖa le lã la ƒe dɔme na Aƒetɔ, eƒe Mawu la gblɔ be:
2
“Meyɔ Aƒetɔ le nye xaxa me, eye wòtɔ nam. Medo ɣli yɔ wò tso tsiẽƒe ke, eye nèse nye gbe.
3
Ètsɔm ƒu gbe ɖe gogloƒe, ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke, afi si tsi sisí sesẽ ƒo xlãm kpe ɖo le, eye ƒutsotsoewo mlí to dzinye.
4
Tete megblɔ be: ‘Wotsɔm ƒu gbe le ŋkuwò me, ale ke mawɔ agakpɔ wò gbedoxɔ kɔkɔe la?’
5
Tsi mlí tem ɖe to, eye metsi tɔ gɔme ke, tɔgɔmegbewo xatsa ɖe ta nam,
6
le towo ƒe bali me ke. Medo ɖe afi si anyigba ƒe ʋɔwo tu ɖe nunye tegbee le. Ke wò Aƒetɔ, nye Mawu, èxɔm ɖe agbe tso aʋlime.
7
Esi wɔna vɔ le ŋunye keŋ la, meɖo ŋku dziwò, Aƒetɔ, eye nèse nye gbedodoɖa tso wò gbedoxɔ kɔkɔe la me.
8
Ame siwo subɔa yakanuwo la, woƒe amenuvevee wogblẽ ɖi.
9
Ke nye la, makɔ gbe me ada akpe na wò atsɔ asa vɔe na wò, eye mana nu si ƒe adzɔgbe meɖe la. Aƒetɔ ye ɖea ame!”
10
Tete Aƒetɔ na tɔmelã la yi ɖatru Yona ɖe gota.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4