bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jonah 4
Jonah 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
1
Ke esia medze Yona ŋu kura o. Dzi kui vevie.
2
Ale wòdo gbe ɖa na Aƒetɔ gblɔ be: “Aƒetɔ, taflatsɛ, nya sia ko megblɔ esime menɔ mía dee! Aleae mebu le gɔmedzedzea eya ta mesí yina Tarsis ɖo! Elabe menyae be Mawu si vea ame nu, eye wòkpɔa nublanui na ame lae nènye. Mèkpɔa dziku kabakaba o; ènyoa dɔme tegbee, eye nètrɔa tame tso vɔ̃ wɔwɔ gbɔ.
3
Eya ta, Aƒetɔ, fifia meɖe kuku, nà maku boŋ, enyo nam wu.”
4
Aƒetɔ biae be: “Ɖe wònyo be nàdo dzikua?”
5
Tete Yona do go le dua me, eye wòyi ɖe dua ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Ewɔ agbadɔ ɖe afi ma, nɔ anyi ɖe ete be yeakpɔ nu si le dzɔdzɔ ge ɖe dua dzi la ɖa.
6
Ke Aƒetɔ Mawu dɔ treklɔnu aɖe wòva mie ɖe afi si Yona le la heɖe alɔ ɖo vɔvɔli ɖe edzi bene eƒe dzi nafa. Yona kpɔ dzidzɔ le ka la ŋu ŋutɔ.
7
Ke evea gbe ƒe fɔŋli la, Mawu dɔ ŋɔ aɖe wòva ɖu treklɔnu la wòyrɔ.
8
Esi ɣe dze la, Mawu dɔ ɣedzeƒeya xɔdzo ɖa, eye ŋdɔ ɖu ta na Yona ale gbegbe be wòku ƒenyi. Ku gɔ̃ hã dzroe. Egblɔ be: “Ne meku boŋ la, enyo nam wu.”
9
Ke Mawu bia Yona be: “Dziku dom nèle be treklɔnu la kua? Tɔwò dzɔ fifia?” Yona ɖo eŋu be: “Ne medo dziku la, tɔnye dzɔ. Medo dziku be maku gɔ̃ hã.”
10
Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Treklɔnu sia mie hewɔ le zã ɖeka me, eye wòku le zã ɖeka me. Mèdoe o, mèkpɔ edzi wòtsi o, eye eƒe ku wɔ nublanui na wò alea gbegbe!
11
Ɖe medze be Ninive, du gã sia, si me nɔlawo menya nyui tso vɔ̃ gbɔ o la ƒe tsɔtsrɔ̃ nawɔ nublanui nam oa? Ame siwo le dua me la sɔ gbɔ wu akpe alafa ɖeka bla eve hekpe ɖe lã geɖewo ŋue!”
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
All chapters:
1
2
3
4