bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jonah 3
Jonah 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 4 →
1
Azɔ Aƒetɔ gaƒo nu na Yona zi evelia gblɔ be:
2
“Tso nàyi Ninive, du gã la me, eye nàɖe gbeƒã nya si magblɔ na wò la.”
3
Ale Yona tso, eye wòyi Ninive abe ale si Aƒetɔ bia tso esi la ene. Azɔ Ninive nye du aɖe si lolo ŋutɔ. Dua ƒe kekeme nye ŋkeke etɔ̃ ƒe azɔli.
4
Yona ge ɖe dua me, zɔ ŋkeke ɖeka ƒe azɔli, eye wòɖe gbeƒã be: “Esusɔ ŋkeke bla ene pɛ ko ne woatsrɔ̃ Ninive-dua keŋ!”
5
Tete Ninivetɔwo xɔ Mawu dzi se. Woɖe gbeƒã be dua me tɔwo katã, ame tsitsiwo kple ɖeviwo siaa, natsi nu adɔ ata akpanya.
6
Esi Ninive-fia se nya la la, etso kpla le eƒe fiazikpui dzi, ɖe eƒe awu ʋlaya ɖi, ta akpanya hebɔbɔ nɔ dzowɔ me.
7
Eɖe gbe be woaɖe gbeƒã to Ninive-dua me be: “Fia kple eƒe dumegãwo de se be: Ame o, lã o, eɖanye nyi alo alẽ o, ɖeke mekpɔ mɔ ade naneke nu me o. Womekpɔ mɔ aɖu nu alo ano tsi o.
8
Eɖanye ame o, eɖanye lã o, ɖe sia ɖe neta akpanya, ne wòado gbe ɖa na Mawu vevie. Ame sia ame nedzudzɔ nuvɔ̃ wɔwɔ. Ame sia ame neɖe asi le ŋutasesẽ si wòwɔna la ŋu!
9
Ame aɖe menya nu o, Mawu aɖe asi le eƒe tameɖoɖo ŋu, eƒe dzi afa, eye míagatsrɔ̃ o mahĩ?”
10
Esi Mawu kpɔ nu si wowɔ, ale si wodzudzɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ la, eɖe asi le vɔ̃ si wòɖo be yeawɔ wo la ŋu, eye megawɔe o.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4