bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
/
John 13
John 13
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 14 →
1
Azɔ esusɔ ŋkeke ɖeka ko ne Ŋutitotoŋkekenyui la naɖo eye Yesu nya be ɣeyiɣia de be yeadzo le xexeame atrɔ ayi Fofo la gbɔ. Elɔ̃ etɔ siwo le xexeame ŋutɔ, eye wògaɖe lɔlɔ̃ sia fia.
2
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ fiẽnuɖuƒe. Do ŋgɔ la, Satana dee ta me na Yuda Iskariɔt, Simɔn vi la, be wòayi aɖade Yesu asi.
3
Yesu nya be Fofo la tsɔ ŋusẽwo katã na ye. Enya hã be, Mawu gbɔe yetso va eye yeagatrɔ ayi Mawu gbɔ.
4
Le sia ta Yesu tsi tre le fiẽnuɖukplɔ̃a ŋu eye wòɖe eƒe awu da ɖi hetsɔ tsiletsɛ sa ɖe ali.
5
Etsɔ gagba ku tsi ɖe eme eye wòde asi nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo kɔklɔ me. Ne eklɔ ame aɖe tɔ vɔ la, etsɔa tsiletsɛ si wòsa ɖe ali la ƒe akpa aɖe tutua wo ŋui.
6
Esi wòɖo Petro dzi be wòaklɔ eƒe afɔwo nɛ la, Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, mele be wò nãklɔ míaƒe afɔwo ŋuti na mí o.”
7
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mase nu si ta mele ewɔm la gɔme fifia o, gake ava se egɔme emegbe.”
8
Ke hã Petro gbe be Yesu maklɔ yeƒe afɔwo o. Egblɔ na Yesu be, “Gbeɖe, mãklɔ nye afɔwo ŋuti o.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne nyemeklɔ wò afɔwo o la, ekema mãkpɔ gome aɖeke tso gbɔnye o.”
9
Petro do ɣli gblɔ be, “Ne ele nenema la, ekema menye nye afɔwo ko o, ke boŋ klɔ nye asiwo kple nye ta hã.”
10
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame si le tsi xoxo la, afɔkɔklɔ koe hiã nɛ bena eŋuti nakɔ nyuie. Wò la, ŋutiwò kɔ, gake menye ame sia ame si le afi sia la ŋutie kɔ o.”"
11
Yesu gblɔ nya sia elabena enya ame si gbɔna ye de ge asi.
12
Esi wòklɔ nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo vɔ la, etsɔ eƒe awu do, nɔ anyi eye wòbia wo be," “Miese nu si mewɔ la gɔmea?
13
Miawo la mieyɔam be, ‘Aƒetɔ’ kple ‘Nufiala’, eye esia le eme vavã.
14
Minya be, esi nye, miaƒe Aƒetɔ kple Nufiala, meklɔ miaƒe afɔwo ŋu la, ele na miawo hã be miaklɔ mia nɔewo ƒe afɔwo.
15
Kpɔɖeŋu wònye mena mi eya ta miwɔ ɖe kpɔɖeŋu sia dzi.
16
Enye nyateƒe be subɔla mekɔna wua eƒe aƒetɔ o, eye dɔtsɔla hã mewua ame si dɔe o.
17
Mienya esiawo eya ta miwɔ nenema be woahe yayra geɖe vɛ na mi.
18
”Ele eme be menye mi katãe mele nya sia gblɔm na o, elabena menya mia dometɔ ɖe sia ɖe. Mawunya gblɔ be “Ame si le nu ɖum kplim lae adem asi.” Nya sia ava eme kpuie.
19
Mele nya siawo katã gblɔm na mi bena ne wova eme la, miaxɔ dzinye ase.
20
”Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, ame si laxɔ ame si medɔ la, nyee wòxɔ, eye ame si laxɔm la, xɔ ame si dɔm ɖa.”
21
Azɔ Yesu gblɔ kple vevesese gã aɖe be, “Le nyateƒe me la, mia dometɔ ɖekae adem asi.”
22
Nya siawo na be nusrɔ̃la ɖe sia ɖe trɔ kpɔ nɔvia ƒe ŋkume. Wonɔ ame si wòwɔnɛ la dim be yewoanya.
23
Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, esi Yesu lɔ̃na vevie la, nɔ anyi ziɔ ɖe Yesu ŋu.
24
Simɔn Petro wɔ dzesi nɛ gblɔ nɛ be, “Biae, mía dometɔ si ŋuti wòle nu ƒom tsoe.”
25
Nusrɔ̃la la gaziɔ ɖe Yesu ŋu eye wòbiae be, “Aƒetɔ, ame kae?”
26
Yesu ɖo eŋu nɛ bena, “Eyae nye ame si matsɔ abolo kakɛ sia asisi detsi atsɔ ana.” Tete wòtsɔ abolo kakɛ la sisi detsi hetsɔe na Simon vi, Yuda Iskariot.
27
Esi Yuda ɖu aboloa vɔ ko la, satana ge ɖe eme. Yesu gblɔ nɛ be, “Đe abla nãyi aɖawɔ nu si nèɖo la.”
28
Ke nusrɔ̃la mamlɛawo mese nya si gblɔm Yesu nɔ la gɔme o.
29
Woawo ya bu be esi wònye Yudae nye yewoƒe gadzikpɔla tae Yesu le edɔm be wòayi aɖaxe fe ɖe nu si ɖum yewole la ta loo alo wòayi aɖana ga ame dahewo.
30
Yuda hã dzo le xɔa me enumake hege ɖe viviti la me.
31
Esi Yuda do go le xɔa me la, Yesu gblɔ be, “Ɣeyiɣi de be woaɖe Amegbetɔ Vi la ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go eye woaɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go to eya amea me.
32
Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Mawu aɖe ŋutikɔkɔe sia ɖe go to menye.
33
Vinye lɔlɔ̃wo, ɣeyiɣi vi aɖe ko maganɔ mia gbɔ! Abe ale si megblɔ na Yudatɔwo ƒe amegãwo ene la, miadim gake miakpɔm o, eye afi si meyina hã miate ŋu ava o.”
34
Le esia ta la, mele se yeye nam mi, si nye be, milɔ̃ mia nɔewo abe ale si nye hã melɔ̃ mii ene.
35
Lɔlɔ̃ vavã si miatsɔ na mia nɔewo lae afia xexeame kɔtee be mienye nye nusrɔ̃lawo vavã.”
36
Simɔn Petro biae be, “Aƒetɔ, afi kae nèyina?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Afi si meyina fifia la miate ŋu akplɔm ɖo ayi o, ke emegbe la, miava.”
37
Petro gabiae be, “Nu ka tae nyemate ŋu akplɔ wò ɖo fifia o? Nye la mele klalo be maku ɖe tawò.”
38
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Èka ɖe edzi be ãte ŋu aku ɖe tanyea? Nyateƒe wònye gblɔm mele na wò be hafi koklo naku atɔ zi gbãtɔ etsɔ fɔŋli la, ãgbe nu le gbɔnye zigbɔzi etɔ̃ be yemenyam o.”
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21