bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
/
John 15
John 15
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 16 →
1
Nyee nye Wainti vavã la eye Fofonyee nye Agbletɔ la.
2
Elãa alɔdze siwo le ŋunye eye wometsea ku o la ɖa, ke esiwo tsea ku la, eɖea wo ŋu be woagatse ku geɖe fũu wu.
3
Miawo la Fofo la kɔ mia ŋu xoxo le nya siwo megblɔ na mi la ta.
4
Minɔ menye eye nye hã manɔ mia me. Wain ƒe alɔdze aɖeke mate ŋu atse ku nenye be wolãe ɖa tso wainti la ŋu o. Eya ta miawo hã, nyemanɔmee la, miate ŋu atse ku aɖeke o.”
5
Nyee nye Wainti la eye miawoe nye alɔdzeawo. Ame si le menye eye nye hã mele eme la, atse ku nyui geɖe elabena nyemanɔmee la miate ŋu awɔ naneke o.
6
Ame si aɖe ɖe aga tso gbɔnye la, woatsɔe aƒu gbe abe alɔdze matseku ene, eye woatɔ dzoe.
7
Ke ne mienɔ menye eye miewɔ nye gbe dzi la, nu sia nu si miabia la, woawɔe na mi.
8
Nye nusrɔ̃la vavãwo tsea ku geɖe eye esia hea ŋutikɔkɔe geɖe vanɛ na Fofonye.”
9
Melɔ̃ mi abe ale si Fofo la lɔ̃m ene. Eya ta minɔ nye lɔlɔ̃ sia me ɖaa.
10
Ne miewɔa nye se siwo mede na mi dzi la, mianɔ nye lɔlɔ̃ me abe ale si meɖo to Fofonye ƒe sededewo eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene.
11
Mele nya siawo gblɔm na mi bena dzidzɔ si le menye la nanɔ miawo hã mia me eye wòanɔ mia me agba go.
12
Mele se dem na mi be, mialɔ̃ mia nɔewo abe ale si nye hã melɔ̃ mii ene.
13
Lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si ame ate ŋu aɖe afia nɔviae nye be wòatsɔ eƒe agbe ana ɖe eta.
14
Ne miewɔ ɖe nye gbe dzi la, ekema mienye xɔ̃nyewo.
15
Azɔ la, nyemagayɔ mi be subɔlawo o, elabena aƒetɔ mate ŋu agblɔ eƒe nya ɣaɣlawo na subɔla o. Ke mayɔ mi azɔ be xɔ̃nyewo. Esia le eme vavã elabena megblɔ nya sia nya si Fofo la gblɔ nam la na mi.
16
Menye miawoe tiam o. Nyee tia mi. Eye ɖe metia mi be miayi aɖatse ku nyui siwo anɔ anyi ɖaa. Le esia ta nu sia nu si miabia Fofo la le nye ŋkɔ dzi la, awɔe na mi.
17
Mele se dem na mi be mialɔ̃ mia nɔewo.
18
Ne xexe sia me tɔwo lé fu mi la, minyae be wolé fum gbã.
19
Nenye xexe sia me tɔwo mienye la, anye ne woalɔ̃ mi, ke esi metia mi tso xexeame ta la, wolé fu mi.
20
Miɖo ŋku nya si megblɔ na mi la dzi be,“Subɔla mewua eƒe Aƒetɔ o ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome. Nenye ɖe woɖo tom la, woaɖo to miawo hã.
21
Xexe sia me tɔwo ati mia yome elabena mienye tɔnyewo. Woawɔ esia elabena womenya Mawu si dɔm ɖa la o.
22
”Nenye ɖe nyemeva gblɔ mawunya la na wo o la, womabu fɔ wo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta o, gake esi wose mawunya la ta la, taflatsedodo aɖeke meli na wo o.
23
Ame sia ame si lé fum la, lé fu Fofonye hã.
24
Đe nyemewɔ nukunu gã geɖe si ame aɖeke mewɔ kpɔ le wo dome o la, anye ne womabu fɔ wo o. Gake wokpɔ nukunu geɖe siwo mewɔ, eye wometsɔ ɖeke le eme o, ke boŋ wogbe nu le nye kple Fofonye gbɔ.
25
Esia wu nya si nyagblɔɖilawo gblɔ tso Mesia la ŋu be, ‘Wogbe nu le gbɔnye dzodzro.’
26
Ne Nyaxɔɖeakɔla la, ame si madɔ ɖo ɖe mi tso Fofo la gbɔ, nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ si tso Fofo la gbɔ, va la, aɖi ɖase tso ŋutinye.
27
Gake ele be miawo hã miaɖi ɖase le ŋutinye, elabena mienɔ anyi kplim tso gɔmedzedzea me ke.
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 16 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21