bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
/
John 17
John 17
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 18 →
1
Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, ewu mo dzi hegblɔ be, “Fofo, ɣeyiɣia de azɔ. Đe Viwò la ƒe ŋutikɔkɔe fia ne Viwò hã natsɔ ŋutikɔkɔe na wò.
2
Elabena èna ŋusẽe ɖe amegbetɔwo katã dzi le xexeame eye be wòana agbe mavɔ ame sia ame si nètsɔ nɛ.
3
Ale si ame awɔ akpɔ agbe mavɔ lae nye be, wòanya wò Mawu vavã la, eye wòaxɔ Yesu Kristo, ame si nèɖo ɖe xexeame hã dzi ase.
4
Mewɔ dɔ ɖe sia ɖe si nède asi nam la eye to esia me la, mena wò ŋutikɔkɔe dze na anyigbadzitɔwo katã.
5
Eye azɔ la, Fofo, esi mele ŋkuwòme fifia la, ɖe ŋutikɔkɔe si le nye kpli wò si tso gɔmedzedzea me la fia le menye.
6
Megblɔ ame si ƒomevi nènye la na ame siawo. Tsã la, wonɔ agbe abe xexe sia me tɔwo ene, ke azɔ la, ètsɔ wo nam. Le nyateƒe me la, tɔwòwoe wonye, eye esi nètsɔ wo nam va se ɖe fifia la, wolé wò nya la me ɖe asi.
7
Azɔ ko wonya be nu sia nu si nètsɔ nam la tso gbɔwò,
8
elabena nya si nède asinye la metsɔe na wo eye woxɔe. Wonyae kɔtee bena metso gbɔwò, eye woxɔe se hã be wòe dɔm ɖo ɖa.”
9
Nyemele kuku ɖem ɖe xexeame katã nu o, ke boŋ ɖe ame siwo nètsɔ nam la ko nu, elabena tɔwòwoe wonye.
10
Nu siwo katã nye tɔnye la tɔwòe eye nu siwo nye tɔwò hã tɔnyee eye woawo mee woɖe nye ŋutikɔkɔe fia le.
11
Azɔ la, mele xexe sia me gble ge ɖi, ava gbɔwò. Fofo kɔkɔe, ame siwo katã nètsɔ nam la, wò ŋutɔ kpɔ wo dzi nyuie bena woawɔ ɖeka abe ale si nye kpli wò miele ɖeka ene, mègana ɖeke nabu le wo dome o.
12
Esi menɔ xexeame le afii la, mekpɔ ame siwo katã nètsɔ nam la dzi nyuie. Medzɔ wo ŋu bena ɖeka pɛ hã megatsrɔ̃ o, negbe vi sẽto la koe ayi dzo mavɔ me abe ale si mawunya gblɔe da ɖi ene.”
13
Ke azɔ la megbɔna gbɔwò eye mele nya siawo gblɔm esi mele wo gbɔ be nye dzidzɔ nanɔ wo me.
14
Hekpe ɖe esia ŋu la, megblɔ wò sededewo na wo, eye woxɔ wo, ke xexeametɔwo lé fu wo elabena womewɔa nu abe xexeametɔwo ene o. Nenema ke nye hã nye agbenɔnɔ mesɔ kple xexeametɔwo ƒe agbenɔnɔ o.
15
Fofo, menye ɖe mele biabiam be nãɖe wo le xexeame o, ke boŋ nãde wo wò aʋala te bena satana nagakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o.
16
Menye xexe sia me tɔwo wonye o, abe ale si nye hã nyemenye xexe sia me tɔ o ene.
17
Eya ta na woazu kɔkɔe eye woanye ame dzadzɛwo, to wò nya la me, elabena wò nya lae nye nyateƒe.
18
Abe ale si nèdɔm ɖe xexeame ene la, nye hã mele wo dɔm ɖe xexeame.
19
Mewɔ ɖokuinye kɔkɔe ɖe wo ta, bena woawo hã woazu ame kɔkɔewo le nyateƒe la me.”
20
“Nyemele gbe dom ɖa ɖe woawo ɖeɖe ko ta o. Ke mele gbe dom ɖa ɖe ame siwo hã ava xɔ dzinye ase to woƒe gbedeasi me,
21
be wo katã woanɔ ɖeka abe ale si wò, Fofo la, nèle menye eye nye hã mele mewò ene. Woawo hã nenɔ mía me be xexeame naxɔe ase be wòe dɔm ɖa.
22
Metsɔ ŋutikɔkɔe si nètsɔ nam la na wo; wo ameawo nenɔ ɖeka le nu sia nu me be xexeame nanyae be wòe dɔm ɖa eye nèlɔ̃ woawo hã abe ale si nèlɔ̃m ene.
23
Ne mele wo me eye wò hã nèle menye la, mi katã miade blibo le ɖekanyenye me, ale be xexeame anyae bena wòe dɔm ɖa, eye nèlɔ̃ woawo hã abe ale si nèlɔ̃m ene.
24
Fofo, medi be ame siwo nètsɔ nam la nanɔ gbɔnye bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe. Wòe na ŋutikɔkɔe siam elabena èlɔ̃m vevie hafi xexeame va dzɔ gɔ̃ hã.
25
”O, Fofo dzɔdzɔetɔ, xexe sia me tɔwo menya wò o, gake nye la menya wò, eye nusrɔ̃la siawo hã nya be wòe ɖom ɖa.
26
Meɖe ame si wò Fofo la nènye la fia wo, eye manɔ esia dzi bena lɔlɔ̃ gã si nètsɔ nam la nanɔ woawo hã me, eye nye hã maxɔ nɔƒe ɖe woƒe dziwo me.”
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 18 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21